Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:13 - Agbenya La

13 Nebukadnezar do dɔmedzoe ŋutɔ eye wòɖo du ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego. Ale wokplɔ ame siawo va fia la ŋkume.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Enumake Nehukadnezar ɖe se le dɔmedzoe kple dziku me be, woaɖakplɔ Sadrax, Mesax kple Abed-Nego vɛ; eye wokplɔ ŋutsu siawo vɛ na fia la.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:13
15 Mawu Ofanana  

gake mexɔ Kain tɔ o. Nu sia na Kain xa nu, eye wòdo dɔmedzoe heɖo adã.


Enyo be nàdo go sisiblisi si ŋu woɖe viwo le wu esi nàdo go bometsila le eƒe bometsitsi me.


Kpe nye nu kpekpe eye ke nye agba kpekpe gake bometsila ƒe dzikudoname kpena wu wo ame evea.


Ŋutsu dɔmedzoetɔ dea dzre amewo dome eye ame si doa dziku kabakaba la wɔa nu vɔ̃ geɖe.


Amegã la tsɔ ŋkɔ yeye na wo: Daniel ƒe ŋkɔ yeyeae nye Beltesazar, Hananiya tɔe nye Sadrak, Misael tɔe nye Mesak, eye Azaria tɔe nye Abednego.


Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã.


Tete Nebukadnezar do dɔmedzoe vevie ɖe Sadrak, Mesak kple Abednego ŋu eye eƒe nɔnɔme ɖe wo ŋu trɔ. Eɖe gbe be woado dzo ɖe kpodzo la me wòaxɔ dzo zi adre wu ale si wòxɔa dzoe tsã.


Ɛ̃, le tanye la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi le fiawo kple mɔmefiawo ƒe ŋkume. Ke esia anye mɔnukpɔkpɔ na mi be miagblɔ nyanyui la na wo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã.


Yesu yi edzi be, “Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo. Woahe mi ayi dukplɔlawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta, be miegblɔ nyanyui la na wo.


“Gake hafi nu siawo katã nava dzɔ la, woaɖo asi mia dzi, eye woawɔ fu mi. Woahe mi ayi woƒe ƒuƒoƒewo kple gaxɔwo me, woakplɔ mi ayi ʋɔnui le fiawo kple mɔmefia gãwo gbɔe. Woawɔ esiawo katã ɖe mia ŋu le tanye.


Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti.


Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Felix kple srɔ̃a Drusila, ame si nye Yudatɔ la va, eye woɖo ame ɖe Paulo be wòava. Esi Paulo va la, eƒo nu na wo le Yesu Kristo dzixɔse ƒe nyawo ŋu. Nyawo de to me na Felix srɔ̃ nyuie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa