Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 3:10 - Agbenya La

10 Ède se, O fia, be ne ame sia ame se lãdzowo, dzewo, gakasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe dzewo kple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, ele nɛ be wòamlɔ anyi ade ta agu na sikalegba la

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Wò fia, ède se bena, ne amesiame se kpẽwo, dzewo, ga kasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo kple venɔwo ƒe dzewo kpakple saŋku ƒomevi vovovowo ƒe ɖiɖi la, wòadze klo ado gbe ɖa na sikalegba la;

Onani mutuwo Koperani




Daniel 3:10
24 Mawu Ofanana  

Fia David na Levitɔwo ƒo ƒu hadzilawo nu eye wodzi ha sesĩe kple dzidzɔ ɖe saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo ƒe ɖiɖi ŋu.


Ale Israel katã tsɔ dzidzɔɣlidodo, lãdzowo kple kpẽwo kuku, gakogoewo kple saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒoƒo sesĩe tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la yi Yerusalem.


Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.


Ɖe fiazikpui madzɔmadzɔ si hea hiãkame vɛ to eƒe sededewo me la ate ŋu ade ha kpli wòa?


“Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.”


Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”


Hekpe ɖe esia ŋu la, mede dzesii be, le anyigba blibo la dzi la, dzɔdzɔenyenye le bubum, nu vɔ̃ wɔwɔ le dzɔdzɔenyenyeteƒe xɔm eye zãnuxɔxɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo gɔ̃ hã.


Baba na ame siwo wɔa se madzɔmadzɔwo, ame siwo dea se siwo tea ame ɖe anyi,


eye ame sia ame si mamlɔ anyi ade ta agu o la, woadae ɖe kpodzo si me dzo le bibim le la me.


Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”


Ale woyi fia la gbɔ eye woƒo nu nɛ tso se si wòde la ŋuti. Wobiae be, “Ɖe mèŋlɔ sedede aɖe be le ŋkeke blaetɔ̃ siwo gbɔna me la, ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖe si manye wò, fia o la, woalée ade dzatawo ƒe do me oa?” Fia la ɖo eŋu be, “Se la li eye le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe sewo nu la, womate ŋu atrɔe o.”


Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona abe David ye le ha kpam ene.


Nunɔlagãwo kple Farisitɔwo ɖe gbe be ne ame aɖe kpɔ Yesu la, nena nyanya yewo, ne yewoalée.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa