Daniel 3:1 - Agbenya La1 Fia Nebukadnezar wɔ sikalegba aɖe wòkɔ afɔ blaasiekɛ, eye wòkeke afɔ asiekɛ. Ekɔe da ɖe Dura gbegbe le Babilonianyigba dzi. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19131 Eye fia Nehukadnezar wɔ sikalegba wòkɔ abɔklugui blaade, eye wòkeke abɔklugui ade; eye wòtsɔe li anyi ɖe Dura-bali la me le Babel-nyigba dzi. Onani mutuwo |
Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o