Daniel 2:9 - Agbenya La9 Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19139 Ke ne mieli drɔ̃e la nam o la, ekema afiatsotso ɖeka koe le mia ŋu; elabena de mieɖo gbe ɖi, be miagblɔ alakpanyawo kple nya gbegblẽwo le ŋkunye me, vaseɖe esime ɣeyiɣi la nu nayi. Eyata mili drɔ̃e la nam, ekema madza sii be, miate ŋu aɖe egɔme hã nam. Onani mutuwo |
“Fia la ƒe dɔnunɔlawo katã kple ame siwo katã le nutowo me la nya be ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe yi ɖe fia la gbɔ le xɔ titinatɔ me, evɔ fia la meyɔe o la, se ɖeka si le nu sia ŋuti koe nye be woawu amea. Negbe ɖeko fia la tsɔ eƒe sikatikplɔ ɖo ɖee hafi wòaɖe eƒe agbe. Ke ŋkeke blaetɔ̃e nye esi fia la meɖo du ɖem o.”
Azɔ la, ne miese lãdzokpẽwo, gakasaŋkuwo, kasaŋkuwo, saŋkuwo, evenɔwo ƒe kpẽwo kple hadzidzi ƒomevi ɖe sia ɖe ƒe ɖiɖi eye miele klalo be yeawoatsyɔ mo anyi ade ta agu na sikalegba si meli la, ekema anyo ŋutɔ gake ne miede ta agu nɛ o la, woada mi ɖe kpodzo bibi la me enumake. Ekema mawu ka ate ŋu aɖe mi tso nye asi me?”