Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:38 - Agbenya La

38 amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 wò amesi wòtsɔ nu gbagbewo katã, amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asi na, eye wòtsɔ wò ɖo aƒetɔ ɖe wo katã nu la, wòe nye sika ta la.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:38
10 Mawu Ofanana  

Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be,


Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.


Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli,


“Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi.


“Esia nye drɔ̃e si nye Fia Nebukadnezar meku. Azɔ la, Beltesazar ɖe egɔme nam, elabena nunyala siwo katã le nye fiaɖuƒe me la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe egɔme nam o. Ke wò ya la, àte ŋui elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.”


“O fia, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la na fianyenye, gãnyenye, ŋutikɔkɔe kple dzedzeme fofowò, Nebukadnezar.


“Gbãtɔ le abe dzata ene eye wòto hɔ̃ ƒe aʋala. Melé ŋku ɖe eŋu va se ɖe esime wotu aʋala la ɖa le eŋu, wokɔe tso anyigba, ale be wòtsi tsitre ɖe afɔ eve dzi abe amegbetɔ ene eye wotsɔ amegbetɔ ƒe dzi nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa