Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:2 - Agbenya La

2 Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete fia la de se be, woayɔ dzotɔwo kple bokɔnɔwo, gbesalawo kple Kaldeatɔwo vɛ, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la; eye wova hetsi tre ɖe fia la ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:2
16 Mawu Ofanana  

Esi ŋu ke, eye wòbu drɔ̃eawo ŋu la, etsi dzimaɖi ŋutɔ le nu si drɔ̃eawo ate ŋu aɖe afia la ŋu. Eyɔ afakalawo kple nunyalawo katã le Egiptenyigba dzi ƒo ƒu, eye wòlĩ drɔ̃eawo na wo, ke wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe wo gɔme o.


Ke asi wònye woƒe kɔnu be fia la naxɔ aɖaŋu le se kple afiatsotso ƒe nyawo me le ame siwo nya se nyuie gbɔ la, eƒo nu kple nunyala siwo se ɣeyiɣiawo gɔme nyuie.


Tete Farao yɔ eƒe nunyalawo kple afakalawo kple Egipte ƒe akunyawɔlawo. Woawo hã te ŋu wɔ nu ma ke kple woƒe akunyawɔwɔ!


Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.


Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa?


Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã.


ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo.


Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o.


Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o


Le ɣeyiɣi sia me la, ɣletivimenunyala aɖewo va tso Yudatɔwo nu.


Eƒe dzesiwo lolo ŋutɔ, eye eƒe nukunuwo tri akɔ ŋutɔŋutɔ. Eƒe Fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe mavɔ eye eƒe dziɖuɖu li tso dzidzime yi dzidzime.


Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam.


Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.”


Filistitɔwo yɔ woƒe nunɔlawo kple afakalawo ƒo ƒui eye wobia wo be, “Nu ka tututu míawɔ tso Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋu? Nunana ka ƒomevi míatsɔ akpe ɖe eŋu ne míegbugbɔe yi Israelviwo ƒe anyigba dzi?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa