Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 2:19 - Agbenya La

19 Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 2:19
16 Mawu Ofanana  

Le drɔ̃ewo me le zã me, esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la,


Yehowa gblɔa nya ɣaɣlawo na ame siwo vɔ̃nɛ, eye wòɖea eƒe nubabla fiaa wo.


Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.


Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me Eye kekeli nɔa eŋu.


Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum.


Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam.


Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam.


“Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo.


Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.


Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo: “Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la, meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me, eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me.


Tete Israel blibo la tso aseye, kafu Mawu, eye womegagblɔ nya aɖeke tso aʋawɔwɔ kple Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa