Daniel 12:7 - Agbenya La7 Ŋutsu si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame la, do eƒe ɖusibɔ kple miabɔ ɖe dziƒo eye mese wòta ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la gblɔ be, “Anye le ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã megbe, nenye be woŋe ame kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ mlɔeba la, ekema nu siawo katã ava eme.” Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19137 Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me. Onani mutuwo |