Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 12:4 - Agbenya La

4 Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 12:4
25 Mawu Ofanana  

Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va nye to kɔkɔe blibo la dzi o, elabena sidzedze Yehowa axɔ anyigba la dzi abe ale si tsi yɔa atsiaƒu mee ene.


Ke hena miawo ya la, ŋutega sia katã menye naneke o; negbe nya siwo woŋlɔ ɖe lãgbalẽ dzi hetre enu la koe wònye. Ne mietsɔ lãgbalẽ si dzi woŋlɔ nua ɖo la na ame si ate ŋu axlẽ nu hegblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, xlẽ nu sia nam la,” aɖo eŋu be, “Nyemate ŋui o, elabena wotre enu.”


Ɣleti aklẽ abe ɣe ene; Ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zi adre, eye wòanɔ abe ŋkeke adre ƒe kekeli ene, ne Yehowa bla abi na eƒe dukɔ la, eye wòwu abi si wòde wo ŋu la na wo.


Ekema ame siwo kpɔa nu la ƒe ŋkuwo maganye tre o, eye ame siwo ƒe to sea nu la ƒe towo anɔ ʋuʋu.


Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nu le nye nusrɔ̃lawo dome.


“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo, mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi. Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia.


Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me.


Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.”


gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael.


“Nunyalawo afia nu ame geɖewo, togbɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woatsi yi nu alo woatɔ dzo wo alo woalé wo loo alo aha wo hã.


“Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene.


“Ke wò la, lé wò mɔ ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Wò la, àdzudzɔ, eye le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la, àtsi tsitre, eye nàxɔ domenyinu si nye wò gome.”


Tete nye, Daniel, mefɔ mo dzi eye, kpɔ ɖa, ame bubu eve le tsitre ɖe nye ŋkume, ɖeka le tɔsisi la ƒe go sia dzi eye evelia le go kemɛ dzi.


Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo.


Esi wògogo afi si metsi tsitre ɖo la, vɔvɔ̃ ɖom eye metsyɔ mo anyi. Egblɔ nam be, “Ame vi, se egɔme be ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ŋu.”


Egblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mele nu si ava dzɔ emegbe le dɔmedzoe ƒe ɣeyiɣi me la gblɔ ge na wò elabena ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖo la ŋu.


“Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”


Azɔ la, woagblɔ fiaɖuƒe la ƒe nyanyui sia le xexea me katã abe ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã ene, ekema nuwuwu la ava.”


Ke mele biabiam be: Ɖe womese nya la o mahã? Ɛ̃, vavãe, wosee: “Wogblɔ nyanyui la le anyigba ƒe akpa sia akpa, eye woƒe nyawo de xexea me ƒe seɖoƒe ke.


Esi dziɖegbe adreawo ƒo nu la, menɔ klalo be maŋlɔ nu, gake mese gbe aɖe tso dziƒo gblɔ nam be, “Tre nu si dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔe da ɖi o.”


Tete wògblɔ nam be, “Mègatre nyagblɔɖi siwo le agbalẽ sia me la nu o, elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Tete mekpɔ agbalẽ aɖe le ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ƒe nuɖusime. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me kple egodo siaa, eye wotree kple nutrenu adre.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa