Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 12:11 - Agbenya La

11 “Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ (1,290).

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tso ɣeyiɣi, si dzi wotsi gbesiagbe vɔsa nu, eye wodo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o anyi la, le ŋkeke akpe ɖeke alafa eve kple blaasieke.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 12:11
14 Mawu Ofanana  

“Tsɔ alẽ eve sa vɔe ɖe vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe,


“Ne èwɔ esia vɔ la, nàgamlɔ anyi, azɔ ɖe wò ɖusimekpa dzi, eye nàtsɔ Yuda ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃wo. Metsɔ ŋkeke blaene na wò, ŋkeke ɖeka ɖe ƒe ɖeka nu.


“Meɖe kuku do wò dɔlawo kpɔ ŋkeke ewo. Mègana nu bubu aɖeke mí wu amagbe si míaɖu kple tsi si míano o.


“Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi


Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.


“Ŋutega si wona nèkpɔ tso fiẽ kple ŋdi ŋu la nye nyateƒe gake dzra ŋutega la ɖo ɖe wò dzi me elabena eku ɖe ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.”


Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”


Le ɣeyiɣi didi siwo gbɔna me la, fia alo amegã manɔ Israel si o, vɔsasa, legba, kɔmewu alo aklamakpakpɛ ŋutɔ gɔ̃ hã manɔ wo si o!


“Eya ta ne miekpɔ ‘ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la’ le tsitre ɖe Kɔkɔeƒe la, esi ƒe nya wogblɔ to Nyagblɔɖila Daniel dzi la, nya sia xlẽla nese egɔme,


“Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.


Ke ɖe xɔxɔnu si le gbedoxɔa ŋuti la le eme; mègadzidzee o, elabena wotsɔe na ame siwo menye Yudatɔwo o. Woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blaene-vɔ-eve sɔŋ.


Emegbe la, nyɔnu la si yi gbedzi le teƒe si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ, afi si woakpɔ eta le hena ŋkeke akpe ɖeka alafa eve blaade (1,260).


Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa