Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:30 - Agbenya La

30 elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Elabena Kititɔwo ƒe ʋuwo aho ɖe eŋu, dzi aɖe le eƒo, eye wòatrɔ ahado dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, eye wòawɔe aɖe goe; eye ne etrɔ yi aƒe la, atsɔ ŋku aɖo amesiwo gblẽ nubabla kɔkɔea ɖi la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:30
13 Mawu Ofanana  

Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo.


Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kitim kple Rodanim.


Mekpɔe dze sii be, Mawu medɔe o, ke boŋ egblɔ nya ɖi nam, elabena Tobia kple Sanbalat wodɔe be wòagblɔ nya sia ɖi.


Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Tiro ŋu. Mifa konyi, o meli siwo tsa asi le Tarsis, elabena wogbã Tiro, eye aƒe alo melidzeƒe megali na mi o. Wose nya sia esi wole Kipro ke.


Yehowa gblɔ be, “O! Sidon ƒe vinyɔnu si menya ŋutsu o, wò dzidzɔkpɔkpɔ nu tso! “Tsi tsitre, tso ƒu la, eye nàyi Kipro, afi ma gɔ̃ hã la, màkpɔ dzudzɔƒe o.”


Mitso ƒu ne miava Kiprotɔwo ƒe fukpo dzi ne miakpɔ nu. Midɔ ame ɖo ɖe Kedar ne woalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie. Mikpɔe ɖa be nane nɔ anyi alea kpɔ hã.


Wotsɔ oɖumti tso Basan wɔ wò atablowoe, wotsɔ ati tso Kipro ƒuta wɔ wò yaxɔƒe, eye wofa nyiɖu ɖe eŋu.


Anyiehefia atrɔ ayi eƒe anyigba dzi kple kesinɔnu geɖewo gake eƒe dzi atsi tsitre ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, agblẽ eme eye emegbe la, atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.


“Ne ɣeyiɣi si woɖo, de la, agava adze Dziehenyigba dzi, ke emetsonu maganɔ nɛ fifia abe tsã ene o


Aƒo nu atsi tsitre ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu, ate eƒe ame kɔkɔeawo ɖe to eye wòate kpɔ be yeatrɔ ɣeyiɣi ɖoɖowo kple sewo. Woatsɔ ame kɔkɔeawo ade asi nɛ ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã.


Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.”


Le ɣe ma ɣi me la, ame geɖewo atra le xɔse la gbɔ, woade wo nɔviwo asi, eye woalé fu wo nɔewo vevie.


eya ta dzi nedzɔ mi, mi dziƒowo kple mi ame siwo nɔ wo me la! Ke baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ! Dzi le ekum vevie, elabena enyae be yeƒe ɣeyiɣi la le kpuie.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa