Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:22 - Agbenya La

22 Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Akplɔ̃ aʋakɔ, siwo gbagba ɖi bibibi la, adzoe abe tɔsisi ene, eye wòatsrɔ̃ wo hekpe ɖe nubabla la ƒe amegã hã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:22
11 Mawu Ofanana  

Miegblɔna dadatɔe be, “Míeɖo nubabla me kple ku, eye míeɖo gbe ɖi kple yɔdo. Nenye be dɔvɔ̃ zɔ va yi la, maka asi mía ŋu o, elabena míetsɔ alakpa wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míetsɔ beble wɔ míaƒe bebeƒee.”


Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ.


Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi.


Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.


Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti.


“Le esia ta anyigba adzo nyanyanya, ame sia ame afa konyi, eye woakɔ ayi dzi abe Nil tɔsisi ene. Woadze agbo, agadze anyi abe Egipte tɔsisi la ene.”


Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ, eye edzinɔlawo katã fa konyi, ame si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene, eye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene.


Ke atsrɔ̃ Ninive kple tɔɖɔɖɔ, eye wòanya eƒe futɔwo aɖo ɖe viviti me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa