Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:15 - Agbenya La

15 Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Anyiehefia ava aƒu kpo, eye wòaxɔ du sesẽ la; dzieheʋakɔ manɔ te o, eye eƒe ame tiatiawo mate ŋu ana te o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:15
11 Mawu Ofanana  

Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ ɖe aƒe siwo le du sia me kple Yuda fiawo ƒe fiasã siwo wogbã ƒu anyi be woalɔ awɔ akpoxɔnu ɖe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo kple yi ŋuti,


“Mige ɖe eƒe waingblewo me eye mialã woƒe wainkawo. Ke migagblẽ wo gbidigbidi o. Milã alɔwo elabena dukɔ sia menye Yehowa tɔ o.


Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Milã atiawo, eye miaƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Ele be woahe to na du sia elabena eyɔ fũu kple ŋutasesẽ.


Farao kple eƒe aʋakɔ triakɔ la kple eƒe ameha gã mana kpekpeɖeŋu aɖeke le aʋa me ne woƒo kpo ɖe eŋu, eye wotu xɔ tsralawo be woawu ame geɖewo o.


Na ameawo naɖe to ɖee; tu nu siwo woatsɔ aɖe to ɖee la ɖe eŋu. Tu xɔ tsralawo ɖe eŋu, eye nàtu gligbãnuwo aƒo xlãe.


“Le ŋkeke mawo me la, ame geɖewo atso ɖe Dziehefia ŋuti. Ame dzeaglã siwo le woawo ŋutɔ ƒe amewo dome la adze aglã le ŋutega la ƒe nya nu gake womaɖu dzi o.


Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.


Mekpɔe wòlũ ɖe agbo la dzi dɔmedzoetɔe, tu dzoe eye wòŋe eƒe dzo eveawo. Ŋusẽ menɔ agbo la ŋu wòatrɔ anɔ te ɖe enu o. Gbɔ̃tsu la ƒoe ƒu anyi, tu afɔ edzi eye naneke mete ŋu ɖee le eƒe asi me o.


Le wò agbemeŋkekewo katã me la, ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe nuwò o, elabena manɔ kpli wò abe ale si menɔ kple Mose ene. Nyemagblẽ wò ɖi alo aɖe asi le ŋuwò o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa