Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 11:12 - Agbenya La

12 Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ne aʋakɔawo ho la, eƒe dzi ado eɖokui de dzi, atsrɔ̃ ame akpe nanewo, ke maɖu dzi o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 11:12
19 Mawu Ofanana  

Èɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”


Èle gbɔgblɔm na ɖokuiwò be yeɖu Edomtɔwo dzi eye wònye adegbeƒoƒo gã aɖe na wò. Ke aɖaŋu si maɖo na wò lae nye nàkpɔ ŋudzedze le wò dziɖuɖu ŋu eye nànɔ mia de kpoo! Nu ka ta nàhe dzɔgbevɔ̃e va ɖokuiwò kple Yuda siaa dzi?”


Ke esi ŋusẽ ɖo Uzia ŋu vɔ megbe la, dada si nɔ eme la na wòdze anyi. Meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, ke boŋ ege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ le dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la dzi.


Ke dada nɔ Hezekia ƒe dzi me eye metsɔ ɖeke le dɔmenyo si Yehowa wɔ nɛ la me o eya ta Yehowa ƒe dziku nɔ eya amea, Yuda kple Yerusalem dzi.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.


Wò dzi de asi dada me le wò nyonyo ta, eye nègblẽ wò nunya le wò atsyɔ̃ ta. Ale metsɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba. Mena nèzu nukpɔkpɔ le fiawo ŋkume


“Ame vi, gblɔ na Tiro fia be, Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Le wò dzi ƒe dada me la, ègblɔ be, “ ‘Mawu aɖe menye, menɔ anyi ɖe fia aɖe ƒe fiazikpui dzi le atsiaƒu titina.’ Ke amegbetɔ ko nènye, menye mawu aɖekee nènye o, togbɔ be èbuna be yenya nu abe mawu aɖe ene hã.


Le wò nunya gã tso asitsatsa ŋu ta la, èdzi wò hotsuikpɔkpɔ ɖe edzi, eye le wò hotsuikpɔkpɔ ta la, wò dzi dana.


“Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi.


elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.


Le esiawo katã teƒe la, èdo ɖokuiwò ɖe dzi, ɖe Dziƒo ƒe Aƒetɔ la ŋu. Èna wofɔ eƒe kpluwo tso eƒe gbedoxɔ me vɛ na wò eye wò kple wò ame ŋkutawo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo mieno wain le wo me. Èkafu klosalo, sika, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe ƒe mawuwo, mawu siwo metea ŋu kpɔa nu, sea nu alo sea nu gɔme o. Mède bubu Mawu si lé wò agbe kple wò mɔwo katã ɖe eƒe asi me la ŋu o


Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.


ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o.


Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me, eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Abosam dzi la te.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa