Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 10:9 - Agbenya La

9 Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi; eye esi mese eƒe nuƒoƒo ƒe ɖiɖi la, ŋuzi tsɔm me tsyɔ mo anyi hetsɔ ŋku me bu anyigba.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 10:9
11 Mawu Ofanana  

Esi ɣe nɔ to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye wòkpɔ ŋutega dziŋɔ aɖe.


Tete Yehowa Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Emegbe la, eɖe ame la ƒe axaƒuti ɖeka, eye wòxe teƒe si wòɖee tsoe la.


Le drɔ̃e me, le zã me ƒe ŋutega me, ne amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi alo wole akɔlɔ̃e dɔm le woƒe abawo dzi la,


Le drɔ̃ewo me le zã me, esi amewo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la,


Medɔ alɔ̃, gake nye dzi ya le ŋu. Miɖo to! Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom! “Ʋu ʋɔ nam, nɔvinye nyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a, nye ahɔnɛ kple nye kpɔkpɔmatikɔe. Ahũ ƒo nye ta bekee, eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu.


Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.


Esime wònɔ nu ƒom nam la, menɔ alɔ̃ me ʋĩi eye metsyɔ mo anyi. Eka asi ŋunye eye wòfɔm ɖe tsitre.


Mesee eye nye dzi dzo le menye kpakpakpa; nye nuyiwo dzo nyanyanya esi mese woƒe howɔwɔ la, vɔvɔ̃ ɖom ɖe nye ƒu tome ke eye nye afɔwo ƒo kpakpakpa. Ke malala kple dzigbɔɖi na dzɔgbevɔ̃eŋkeke la be wòava dukɔ si le mía ham la dzi.


Mlɔeba la, etso le gbedoɖaƒe, eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ.


Le ɣeyiɣi sia me la, Petro kple nɔviawo nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Esi wonyɔ la, wokpɔ be keklẽ kple ŋutikɔkɔe gã aɖe ƒo xlã Yesu, eye ŋutsu eve le tsitre ɖe egbɔ.


Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa