Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 10:13 - Agbenya La

13 Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Persia-flaɖuƒe la ƒe amegã nɔ te ɖe nunye ŋkeke blavevɔ ɖekɛ sɔŋ, eye Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 10:13
11 Mawu Ofanana  

Ale dɔ si wɔm wonɔ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu le Yerusalem la tɔ va se ɖe Persia fia Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me.


“Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ.


Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.


eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me.


Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ, eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava, gake Satana meɖe mɔ na mí o.


ame si yi ɖe dziƒo, ɖanɔ Mawu ƒe nuɖusime, eye mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Mawudɔlagã Maikel gɔ̃ hã, esi wònɔ nya hem kple Abosam tso Mose ƒe ŋutilã kukua ŋuti la, mete ŋu do dzi gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe eŋuti o, ke ɖeko wògblɔ be, “Aƒetɔ la aka mo na wò!”


Eye aʋa dzɔ le dziƒo. Maikel kple eƒe mawudɔlawo wɔ aʋa kple ʋɔ driba la, eye ʋɔ driba la kple eƒe dɔlawo hã wɔ aʋa kpli wo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa