Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 1:4 - Agbenya La

4 ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 ŋutsuvi, siwo nu mewɔ afiaa ɖeke na o, eye wodze ɖeka, adaŋu le mo na wo, wodze si nu, nunya le tagbɔ na wo, eye wozã la, he woasuhɔ le fiasã me, eye woafia Kaldeatɔwo le nuŋɔŋlɔ kple gbe wo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 1:4
23 Mawu Ofanana  

Exɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòge ɖe Farao, Egipte fia ƒe dɔ me. Yosef dzo le Farao gbɔ, eye wòde asi tsatsa me le anyigba blibo la dzi.


Ame aɖeke medze ɖeka le Israelnyigba dzi abe Absalom ene o eye womekafua ame bubu aɖeke hã nenema abe eya ene o.


Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma? Asubɔ le fiawo ŋgɔ eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o.


Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu wu du gã ewo ƒe dziɖulawo!


Tete Eliakim, Sebna kple Yoa gblɔ na aʋafia la be, “Míeɖe kuku, ƒo nu na wò dɔlawo le Aramgbe me, elabena míese Aramgbe. Mègaƒo nu na mi le Hebrigbe me o. Ne menye nenema o la, ame siwo nɔ anyi ɖe glia dzi la ase wò nyawo gɔme.”


Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe, mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o, eye mèse egɔme hã o.


Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o.


Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la,


Le ɣeyiɣi sia me la, ɣletivimenunyala aɖewo va tso Yudatɔwo nu.


Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o.


Ame aɖe le wò fiaɖuƒe la me, ame si me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la, wokpɔe be sidzedze, gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo tɔwo ene. Fia Nebukadnezar, fofowò, fia la tsɔe ɖo bokɔwo, akunyawɔlawo, ɣletivimenunyalawo kple dzosalawo nu.


Fia la na woyɔ eƒe bokɔwo, ɣletivimenunyalawo kple dzotɔwo vɛ. Tete fia la gblɔ na Babilonia nunyala siawo be, “Ame si axlẽ nuŋɔŋlɔ sia eye wòaɖe egɔme nam la, woado aɖabɛwu nɛ, woade sikakɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ eye woana wòazu dziɖula ŋusẽtɔ etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.”


Le Ahasuerus (Mediatɔ ƒe vi), Darius, ame si wotsɔ ɖo fiae ɖe Babilonia fiaɖuƒea nu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la,


Mawudɔla si zɔ va kpee la gblɔ nɛ be, “Ƒu du nàgblɔ na ɖekakpui sia be, ŋkeke li gbɔna esi amewo ayɔ Yerusalem ale gbegbe be womakpɔ nɔƒe na ame sia ame kple woƒe lãhawo o.


“Le ɣeyiɣi sia me lɔƒo la, wodzi Mose si nye ɖevi dzeɖekɛ aɖe. Le se si nɔ anyi ɣe ma ɣi me ta la, esi wodzi Mose la, edzilawo dzrae ɖo ɖe xɔ me ɣleti etɔ̃ sɔŋ.


Wohe Mose ɖe Egiptetɔwo ƒe nunya nu, ale wòtsi va zu fiavi xɔŋkɔ aɖe le nunya kple dɔwɔwɔ me.


ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o.


Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?” Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa