Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 4:17 - Agbenya La

17 Migblɔ na Arkipo be, “Kpɔ egbɔ be nèwɔ subɔsubɔdɔ siwo katã Aƒetɔ la be nàwɔ.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye migblɔ na Arxipo bena: Kpɔ subɔsubɔdɔ, si su asiwò le Aƒetɔ me la dzi, be nawu enu!

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 4:17
19 Mawu Ofanana  

Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.”


Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo.


“Ɖo ŋku edzi be, nunɔlawo koe awɔ dɔ kɔkɔewo le kɔkɔeƒe la kple vɔsamlekpui la dzi. Ne miewɔ se siawo dzi la, Mawu ƒe dɔmedzoe magabi ɖe Israelviwo dometɔ aɖeke ŋu le se siawo dzi dada ta gbeɖegbeɖe o.


Ame si xɔ sidi akpe eve hã tsa asi kple etɔ, eye wògakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.


Enye mía dometɔ ɖeka si kpɔ gome le dɔ sia me kpli mí.”


Paulo kple Barnabas ɖo hamemegãwo ɖe hame sia hame nu, eye wowɔ nutsitsidɔ kple gbedodoɖa hetsɔ ameawo de asi na Aƒetɔ si dzi woxɔ se.


Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo.


Eyae na ame aɖewo nye apostolowo, ame aɖewo nye nyagblɔɖilawo, ame aɖewo hã nye nyanyuigblɔlawo, ame aɖewo nye osɔfowo kple nufialawo,


Kpɔ egbɔ be, yewɔ amenuvenunana siwo Mawu na wò to eƒe nyagblɔɖilawo dzi, esi hamemegãwo da asi ɖe dziwò la ŋu dɔ nyuie.


Lé ŋku ɖe nu siwo katã nèsusuna kple nu siwo katã nèwɔna la ŋuti nyuie. Lé nu si nyo, eye wòle eteƒe la me ko ɖe asi, eye Mawu ayra wò, eye wòawɔ ŋuwòdɔ le kpekpeɖeŋunana ame bubuwo me.


Ne èɖe nu siawo me na ame bubuwo la, ànɔ wò dɔdeasi wɔm abe Yesu Kristo ƒe subɔla nyui si wonyi le xɔse ƒe nyawo kple nufiafia dzɔdzɔetɔ si yome nèdze la nu ene.


O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu, evɔ womenyae o la o.


Le esia ta mele ŋku ɖom edzi na wò be nàde dzo Mawu ƒe nunana si ge ɖe mewò to nye asidada ɖe dziwò me la me,


elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo, eye woawo hã woafia ame bubuwo.


kple Apfia, mía nɔvinyɔnu, na Arkipo, mía nɔvi, Kristo ƒe asrafo kple hame si kpea ta le aƒewò me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa