Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 4:10 - Agbenya La

10 Aristako, ame si le ga me kplim la do gbe na mi kple lɔlɔ̃; nenema kee nye Marko, Barnabas nɔvi. (Abe ale si megblɔ na mi kpɔ ene la, ne Marko va mia gbɔ la, mixɔe dzidzɔtɔe.)

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Aristarxo, hanyegatɔ, kple Marko, Barnaba srɔ̃nyi, si ŋuti miexɔ ɖu le la — ne eva mia gbɔ la, mixɔe —

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 4:10
17 Mawu Ofanana  

Petro nɔ tsitre, bu ta me sẽe, eye wòɖoe be yeayi Maria si nye Marko Yohanes dada la ƒe aƒe me, afi si hametɔ geɖewo ƒo ƒu ɖo, henɔ gbe dom ɖa le.


Barnabas kple Saulo gaɖi tsa va Yerusalem, eye esi wowu dɔ si wɔ ge woyi nu teti ko la, wogatrɔ dzo yi Antioxia, eye wokplɔ Marko si wogayɔna be Yohanes hã yii.


Le nu siawo megbe la, Paulo kple eŋumewo ɖo tɔdziʋu hedzo le Pafo heva Perga le Pamfilia nuto me, afi sia Yohanes gblẽ wo ɖi le hetrɔ yi Yerusalem.


Esi wova ɖo du si woyɔna be Salamis me la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe, eye wogblɔ mawunya le afi ma. Yohanes nɔ wo ŋu abe kpekpeɖeŋunala ene.


Ɣlidodo sia na be amewo ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒe la, eye wolé Gayo kple Aristako, ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo tso Makedonia.


Ame geɖewo kplɔ Paulo ɖo ɖa va se ɖe keke Terki. Wo dometɔ aɖewoe nye Sopata si nye Piro ƒe vi tso Berea, Aristako kple Sekundo siwo tso Tesalonika, Gayo tso Derbe, Timoteo, Tikiko kple Trofimo, ame siwo tso Asia nuto me.


Míeɖo ʋu aɖe si tso Adramitio, eye wòyina tɔtɔ ge ɖe ʋudzeƒe geɖewo le Asia la hedze mɔ. Makedoniatɔ, Aristako si tso Tesalonika la hã nɔ ʋu la me kpli mí.


Yosef, Levitɔ, ame si wodzi le Kipro, eye apostoloawo yɔna hã be Barnabas (si gɔmee nye “dzideƒovi la”),


Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋunye.


Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye ƒonyemetɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim la. Apostoloawo bua wo, eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam.


Luka koe li kplim. Di Marko, eye nàkplɔe ɖe asi vɛ, elabena ekpena ɖe ŋunye le nye subɔsubɔdɔwɔwɔ me.


Epafra, ame si le gaxɔ me kplim le gbeƒãɖeɖe Kristo Yesu ta la do gbe na mi.


Marko, Aristako, Dema kple Luka, nye hadɔwɔlawo hã do gbe na mi.


Mia nɔvi si nye hame si le Babilonia, si wotia kpe ɖe mia ŋu la do gbe na mi vevie. Nenema ke, vinye Marko hã do gbe na mi nyuie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa