Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 4:1 - Agbenya La

1 Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo, eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be miawo hã la, Aƒetɔ le mia si le dziƒo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mi aƒetɔwo la, miwɔ nusi dzɔ, eye wòsɔ la, na miaƒe dɔlawo, esi mienyae bena, Aƒetɔ li na miawo hã le dziƒo la ta.

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 4:1
22 Mawu Ofanana  

Ne èkpɔ wole ame dahe aɖe tem ɖe to eye womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o le teƒe aɖe le anyigba blibo la dzi la, mègana wòawɔ nuku na wò o elabena amegã ɖe sia ɖe le tatɔ aɖe te eye ame bubuwo gale tatɔawo hã tame.


Wobiana be, ‘Nu ka ŋuti míetsi nu dɔ, gake mède nu eme na mí o, eye míebɔbɔ mia ɖokuiwo, gake mède dze sii o?’ “Evɔ gbe si gbe mietsi nu dɔ la, miewɔ nu si dze mia ŋu, eye mieba miaƒe dɔwɔlawo katã.


“ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o.


“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu.


“Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ yeƒe subɔla siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋu dɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.


Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.


Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.


Woawɔ aʋa kple Alẽvi la, gake Alẽvi la aɖu wo dzi, elabena eyae nye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fia la, eye eƒe ame tiatiawo, ame siwo wòyɔ kple ame siwo dze eyome le anukware me la anɔ egbɔ.”


Woŋlɔ ŋkɔ sia ɖe eƒe awu ʋlaya kple eƒe ata ŋu be, Fiawo ƒe Fia kple Aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa