6 Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi.
6 nusiwo ta Mawu ƒe dziku va vi sẽtowo dzi ɖo,
Ame ka ŋue miele fewu ɖum le? Ame ka ŋu mieke nu bãa ɖo hedo aɖe ɖe gota biɖaa na? Ɖe menye aglãdzelawo kple alakpatɔwo ƒe dzidzimeviwoe mienye oa?
Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi me.
Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo.
Abe vi ɖotowo ene la, migadze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me, esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o,
Ahasiwɔwɔ xɔ ŋku dzi na wo, eye womedzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ gbeɖe o, wodɔna kple ame malikewo. Wobi ɖe ŋukeklẽ me, eye wonye dzidzime si dzi fiƒode le!
Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.