Kolosetɔwo 3:5 - Agbenya La5 Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũu kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19135 Eyata miwu mia ŋutinu, siwo le anyigba dzi; ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ; Onani mutuwo |
Mia dometɔ aɖewo hã be ele eme be, “Mawu wɔ ƒodo na mí be míaɖu nu” gake menye esia ta wòle be ame naɖu nutsu o. Le nyateƒe me la, miganɔ bubum be nuɖuɖu le vevie akpa o elabena gbe ɖeka la, Mawu le nuɖuɖu kple míaƒe ƒodowo siaa ɖe ge ɖa. Medi be mianya nyuie hã be ahasiwɔwɔ menyo le mɔ aɖeke nu o. Menye esia ta wowɔ míaƒe ŋutilã sia ɖo o, ke boŋ ɖe wowɔe na Aƒetɔ la eye enye Aƒetɔ la ƒe didi vevie be ye ŋutɔ yeava nɔ miaƒe ŋutilãwo me.