Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 3:23 - Agbenya La

23 Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 eye nusianu, si ke miewɔna la, mi wɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o,

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 3:23
18 Mawu Ofanana  

Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie.


O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa; nu siwo katã le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.


Madi wò kple nye dzi blibo, eya ta mègana matra tso wò sewo gbɔ o.


O! Yehowa, mele yɔwòm kple nye dzi blibo, eya ta tɔ nam, eye mawɔ wò sededewo dzi.


Na gɔmesesem, ekema malé wò se la me ɖe asi, eye mawɔ edzi kple nye dzi blibo.


Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o.


Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe.


“Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo.


Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam.


Ne míele agbe la, míele agbe na Aƒetɔ la; eye ne míeku la, míeku na Aƒetɔ la. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Aƒetɔ la tɔe míenye.


Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene.


Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.


Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒe la me be lɔlɔ̃ si me alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.


Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene,


Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa