Kolosetɔwo 3:16 - Agbenya La16 Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191316 Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me. Onani mutuwo |
Azɔ la nɔviwo, nu kae míagagblɔ? Ne miekpe ta la, ame aɖewo adzi ha, ame bubu aɖe afia nu alo agblɔ gbedeasi tɔxɛ aɖe si Mawu nae alo agblɔ nya le gbe manyamanya aɖe me alo aɖe nya si ame bubu aɖe le gbɔgblɔm le gbe manyamanya aɖe me la gɔme. Ke ele be nu sia nu si woawɔ la nanye viɖe na ame sia ame, eye wòatu wo ɖo ɖe Aƒetɔ la me.