Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Kolosetɔwo 1:9 - Agbenya La

9 Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eyata míawo hã, tso ŋkeke, si dzi míesee la, míedzudzɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe ɖe mia ta o, bene eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mi fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me,

Onani mutuwo Koperani




Kolosetɔwo 1:9
35 Mawu Ofanana  

Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã, elabena medea ŋugble le wò ɖoɖowo ŋu.


Fiam ale si mawɔ wò lɔlɔ̃nu, elabena wòe nye nye Mawu; na wò Gbɔgbɔ nyui la nakplɔm to anyigba sɔsɔe dzi.


Ne ame aɖe di be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, akpɔe be nye nufiafia tso Mawu gbɔ loo alo enye nye ŋutɔ nye nyawo.


Ale Petro nɔ gaxɔ me, gake hame la katã nɔ gbe dom ɖa na Mawu vevie ɖe eta.


Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.


Ena be míegbã go le nu sia nu me le nuƒoƒo kple nunya siaa me,


eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi.


eye midi nu siwo dzea Aƒetɔ la ŋu.


Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.


Miɖo to wo, menye ɖe esi woakpɔ ŋudzedze le mia ŋu ta o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm tso miaƒe dzime ke ene.


Eye ne mele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, dzidzɔ sɔŋ yɔa nye dzi me,


Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene.


Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.


Epafra, mia dometɔ ɖeka, ame si nye Yesu Kristo ƒe dɔla hã do gbe na mi nyuie. Ele ʋiʋlim ɖe mia ta le gbedodoɖa me ɣe sia ɣi be mianɔ te sesĩe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la me, atsi, eye miakpɔ kakaɖedzi blibo.


Miwɔ mɔnukpɔkpɔ suetɔ kekeake ŋu dɔ ne miatsɔ aɖe gbeƒã nyanyui lae na ame bubuwo. Mizɔ le nunya me le miaƒe nuwɔnawo me.


Le míaƒe gbedodoɖawo me na Mawu, mía Fofo la ɖe mia ta la, míeŋlɔa miaƒe lɔlɔ̃dɔwo, miaƒe xɔse triakɔ kple mɔkpɔkpɔ na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ la be o.


Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe.


Eya ta míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɖaa be míaƒe Mawu la nawɔ mi vi siwo ƒomevi wòdi be woanɔ ye si lae, eye agawɔ mi mianyo ade ale si miedi la nu! Mlɔeba la, atsɔ eƒe ŋusẽ axe fe na mi ɖe miaƒe xɔse ta.


Filemon lɔlɔ̃a, medaa akpe na Mawu ɣe sia ɣi si mele gbe dom ɖa ɖe tawò,


Nye gbedodoɖae nye be nàtsɔ dzo ɖe wò xɔse la, mama ŋu, ale be nàse nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si le Kristo me la gɔme blibo.


Ele be miado vevie, ale be ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ nu si ƒe ŋugbe wòdo la.


natsɔ nu nyui sia nu nyui akpe ɖe mia ŋuti le eƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ ta, eye wòawɔ nu si dze eŋu la le mía me to Yesu Kristo dzi, ame si ko tɔ anye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.


Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.


Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe.


Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu.


Le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me le anyigba dzi la, menɔ agbe le ŋutilã ƒe nudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu.


Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee.


Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.


Nye ya la, nete ɖa xaa tso gbɔnye be madzudzɔ gbedodoɖa ɖe mia ta eye mato eme awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Mayi nu siwo nyo kple nu siwo dze la fiafia mi dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa