“Ke wò, Betlehem, Efrata, togbɔ be èle sue le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewòe ame si le nye dukɔ Israel kplɔ ge la ado tso nam. Ame si ƒe dzɔtsoƒe metsɔ o elabena eli tso keke blema ke.”
ke míawo ya, míenya be Mawu ɖeka si nye fofo la koe li, ame si gbɔ nuwo katã tso. Eyae míele agbe na, eye Aƒetɔ ɖeka koe li. Eyae nye Yesu Kristo, ame si dzi nuwo katã to, eye to eya dzi míele agbe.
Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.
Enɔ gbɔgblɔm be, “Ŋlɔ nu sia nu si nèkpɔ la da ɖi, eye nàɖo agbalẽ la ɖe hame adre siwo le Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardis, Filadelfia kple Laodikea.”
Esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Tete wòtsɔ eƒe nuɖusi da ɖe dzinye, eye wògblɔ be, “Mègavɔ̃ o. Nyee nye Gɔmedzedze kple Nuwuwu.
Eyae ɖea ame dahe tso ke me eye wòfɔa hiãtɔ tso afi me enaa zikpui wo ɖe dziɖulawo xa eye wònaa wonyia dome kple bubu ƒe fiazikpui. “Elabena Yehowa tɔe nye anyigba ƒe gɔmeɖokpe; eya dzie wòɖo xexea me gɔme anyi ɖo.