Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
Petro ɖo eŋu na wo be, “Mitrɔ dzi me ne woade mawutsi ta na mi le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me, be woatsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi. Ekema miawo hã miaxɔ nunana sia, si nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Azɔ la, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, eye mikpɔ egbɔ be, mienyi Mawu ƒe alẽha si nye hame si wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu ƒle, esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖo mi be mianye hadzikpɔlawo.
be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’
Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.
Ame si tsɔ eɖokui na ɖe mía ta be yeaɖe mí tso vɔ̃ɖinyenye katã me, be wòakɔ mía ŋuti na eɖokui, ame siwo nye eya ŋutɔ tɔ, eye wole klalo be woawɔ nu si nyo la.
Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí.
elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,
Gake ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃wo me la, ekema Mawu si nye nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ la atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.
kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,
Ame siawoe nye ame siwo meƒo ɖi wo ɖokuiwo kple nyɔnunya o, elabena wowɔ wo ɖokuiwo kɔkɔe. Wokplɔa Alẽvi la ɖo yia afi sia afi si wòyina la. Woƒle wo tso amegbetɔwo dome, eye wotsɔ wo na Mawu kple Alẽvi la abe nukuwo ƒe gbãtɔwo ene.
Wodzi ha yeye be, “Wòe dze be nàʋu agbalẽ la, eye nàɖe nutrenu adreawo ɖa, elabena wowu wò kpɔ, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewoe na Mawu. Tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, Nuto ɖe sia ɖe kple dukɔ ɖe sia ɖe me,