Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 9:9 - Agbenya La

9 “Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la le dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene, ke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena made se, eye woaʋuʋu Israel ƒe aƒe la le dukɔwo katã dome, abe alesi woʋuʋua asɔe, eye blikua ɖeke megena ɖe anyigba o ene.

Onani mutuwo Koperani




Amos 9:9
14 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke ma dzi la, O! Mi Israelviwo, Yehowa aƒo mi abe lu ene tso Frat tɔsisi la to va se ɖe Egipte tɔʋuwo to, eye wòagayɔ mi aƒo ƒui ɖeka ɖeka.


Wotua bli hafi tsɔna ƒoa aboloe, eya ta ame aɖeke manɔ bli nyɔnyɔ dzi ɖaa o. Togbɔ be wotsɔa keke ƒe afɔtiwo nyɔa blie hã la, menye sɔ siwo woti ɖe kekea ŋuti la ƒe afɔwoe tua blia o.


Eƒe ŋɔtimegbɔgbɔ le sisim abe tɔʋu si ɖɔ va se ɖe ve ke ene. Etsraa dukɔwo le gbegblẽ ƒe tsranui me, eye wòtsɔ numega de nu me na dukɔwo hekplɔa wo tranae.


Yehowa be, “Ne ɖoɖo siawo bu le ŋkunye me la, eya ko hafi Israel ƒe dzidzimeviwo maganye dukɔ le gbɔnye o.”


Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”


Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe dzogoe eneawo dzi aƒu Elam. Makaka wo ɖe ya eneawo dzi eye dukɔ aɖeke manɔ anyi si ke me womakpɔ Elam ƒe aboyomewo le o.


Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’


Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple wɔnawo nu.


Ekema woanya be nyee nye Yehowa, woƒe Mawu, elabena togbɔ be meɖo wo ɖe aboyome ɖe dukɔwo dome hã la, maƒo wo nu ƒu, woava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye nyemagblẽ ɖeke ɖi o.


Eya ta le mia dome la, fofowo aɖu wo viwo, eye viwo aɖu wo fofowo. Mahe to na mi, eye makaka mia dometɔ siwo atsi agbe la ahlẽ ɖe yawo nu.’


Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’


“Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã.


Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa bli ene.


elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa