Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 9:7 - Agbenya La

7 Yehowa be, “O Israelviwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa? Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi, Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ale Yehowa gblɔ esi: De mi Israel-viwo, miele nam abe Kusiviwo ene oa? De nyemekplɔ Israel tso Egipte-nyigba dzi, Filistitowo tso Kaftor, eye Aramtɔwo tso Kir oa?

Onani mutuwo Koperani




Amos 9:7
14 Mawu Ofanana  

Ale Asiriatɔwo dze Damasko, Siria ƒe fiadu dzi, woɖe aboyo dua me tɔwo yi ɖada ɖe Kir eye wowu Siria fia Rezin.


Yehowa na Asa kple Yuda ƒe aʋakɔ la ɖu Kustɔwo dzi eye Kustɔwo si.


Zera, Kusitɔ, ho aʋa ɖe wo ŋu kple aʋakɔ gã aɖe kple tasiaɖam alafa etɔ̃ eye wova ɖo keke Maresa.


Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me.


nenema ke Asiria fia aɖe aboyo Egipte kple Kus, aɖe amewo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa be woatsɔ ado ŋukpe Egipte,


Elam kpla daku, eƒe tasiaɖam kple sɔdolawo kpe ɖe eŋuti, eye Kir ɖe nu le eƒe akpoxɔnu ŋu.


elabena nye Yehowa, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela. Metsɔ Egipte ƒle tawò, eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.


Ɖe Etiopiatɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽ alo lãkle natrɔ agbalẽ ŋɔtaŋɔta si le eŋutia? Nenema kee mi ame siwo vɔ̃wɔwɔ ma la, miate ŋu awɔ nyui o.”


elabena ŋkeke la ɖo be woatsrɔ̃ Filistitɔwo katã, eye woaɖe ame siwo tsi agbe la ɖa, ame siwo ate ŋu akpe ɖe Tiro kple Sidon ŋu. Esusɔ vie Yehowa natsrɔ̃ Filistitɔwo, ame siwo nye Kaftor ƒuta ƒe ame mamlɛawo.


Yehowa kplɔ eƒe dukɔ la do goe le Egipte to nyagblɔɖila aɖe dzi, eye wòdzɔ wo ŋuti, fia mɔ wo,


Maŋe gameti sesẽ siwo wotsɔ do Damasko ƒe agbowoe, eye mawu fia si le Aven ƒe Balime, kple ame si le fia ɖum le Bet Eden, eye woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi ɖe Kir.” Yehowae gblɔe.


Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.


Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa