Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 9:6 - Agbenya La

6 Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me, eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi, ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi. Yehowae nye eƒe ŋkɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 eya amesi tu eƒe dziƒoxɔ ɖe dzi me, eye wòɖo eƒe xɔ goba gɔme anyi ɖe anyigba dzi, eya amesi yɔ atsiaƒu me tsiwo hetsɔ ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa!

Onani mutuwo Koperani




Amos 9:6
9 Mawu Ofanana  

Ale Mawu wu dziƒo kple anyigba kpakple nu siwo katã le xexea me la wɔwɔ nu.


Edea tsi towo tso eƒe xɔ dzigbemetɔ me; eƒe dɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba.


eye wòɖo eƒe dziƒoxɔwo ƒe sɔtiwo ƒe agunu anyi ɖe woƒe tsiwo dzi. Etsɔ lilikpowo wɔ eƒe tasiaɖam, eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la.


Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa