Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 9:4 - Agbenya La

4 Togbɔ be woƒe futɔwo akplɔ wo ayi aboyo me hã la, afi ma hã maɖe gbe be woawu wo kple yi. “Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu na vɔ̃, ke menye na nyui o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye ne wodze woƒe futɔwo ŋgɔ yi aboyo me la, madɔ yi woawu wo le afima; matso nye ŋku aɖo wo ŋu ɖe vɔ̃ me, eye menye ɖe nyui me o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 9:4
20 Mawu Ofanana  

Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’


elabena Yehowa ƒe ŋku kpɔa nu yia megbe kple ŋgɔgbe siaa to xexe blibo la me eye wòdia ame siwo nɔa eyome kple dzi blibo ale be yeate ŋu aɖe yeƒe ŋusẽ triakɔ la afia to kpekpeɖeŋunana wo me. Èwɔ bometsinu eya ta tso azɔ dzi yina la, ànɔ aʋawɔwɔ dzi.”


Ame dzɔdzɔewo do ɣli, Yehowa see, eye wòɖe wo le woƒe xaxawo katã me.


Ke le ŋdi kanya la, Yehowa kplɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la to dzo bibi la me, eye wòde tɔtɔ wo dome.


Nugblẽlawo ava ƒo ɖe to ƒuƒluwo dzi le gbedzi elabena Yehowa ƒe yi agblẽ nu tso anyigba ƒe go sia dzi ayi ekemɛ dzi eye ame aɖeke mato le eme o.


Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.


Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o.


“Kplɔe eye nàkpɔ edzi, mègawɔ vɔ̃ aɖekee o, ke boŋ wɔ nu sia nu si wòabia la nɛ.”


“Yi nàgblɔ na Kusitɔ, Ebed Melek be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa mana nye nyawo nava eme ɖe du sia ŋuti to gbegblẽ me, menye to dzidzedze me o. Mana woava eme le ŋkuwòme le ɣe ma ɣi me.


“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã.


Mia dome mama etɔ̃ ƒe ɖeka aku le dɔvɔ̃ ta alo atsrɔ̃ to dɔwuame me, mama etɔ̃ ƒe ɖeka bubu atsi yi nu le miaƒe gliwo godo, eye mama etɔ̃ ƒe ɖeka mamlɛa maka ahlẽ ɖe yawo nu, eye maɖe yi le aku me anya wo ɖe du nu.’


Ne wò toɖeɖe ɖe du la ƒe ŋkekewo wu enu la, tɔ dzo ɖa la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka le dua me. Tsɔ yi la ƒo mama evelia ƒo xlã du la, eye nàwu mama etɔ̃lia ɖe yame, elabena maɖe yi le aku me atsɔ anya wo ɖe du nu.


“ ‘Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu lã aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome.


“Makaka mi ɖe dukɔwo dome, eye ne mieyina la, mana aʋa nasi mi. Miaƒe anyigba azu gbegbe, eye miaƒe du gãwo agbã.


“Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkuwo le fiaɖuƒe sẽto la ŋuti. Matsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi, negbe Yakob ƒe aƒe la ko nyematsrɔ̃ keŋkeŋ o,” Yehowae gblɔe.


Hafi ɣe ma ɣi naɖo la, womexea fe na amewo alo lãwo o. Ame aɖeke mate ŋu ado go, ayi eƒe dɔwɔƒe le dedinɔnɔ me o ɖe eƒe futɔwo ta, elabena mena ame sia ame tso ɖe ehavi ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa