Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 9:12 - Agbenya La

12 ale be woaxɔ Edom ƒe ame mamlɛawo kple dukɔ siwo katã ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo.” Nye Yehowa ame si awɔ esiawo katã lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 ne woaxɔ Edom ƒe ame mamleawo kple dukɔ, siwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, woanye wo tɔ; Yehowa, amesi le nusiawo wɔ ge lae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Amos 9:12
17 Mawu Ofanana  

ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.”


ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la. Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’


“Meɖe ɖokuinye fia ame siwo mebia tanye se o, eye ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye. Dukɔ si meyɔ nye ŋkɔ o la, megblɔ nɛ be, ‘Nyee nye esi, nyee nye esi.’


Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo kalẽtɔ si ƒe ŋusẽ vɔ, eye mate ŋu axɔ na ame o la ene? O Yehowa, èle mía dome, eye wò ŋkɔ le mía ŋu eya ta mègagblẽ mi ɖi o!


Esi wò nyawo va la, meɖu wo, wovivi nunye eye wonye nye dzi ƒe dzidzɔ, elabena wò ŋkɔ le ŋunye, O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu.


Tɔwòwoe míenye tso blema ke, gake woawo la, mèɖu fia ɖe wo dzi kpɔ o, eye womeyɔ wò ŋkɔ hã ɖe wo ŋu kpɔ o.


Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe, eye woaha dukɔ siwo le ɣedzeƒe la. Woƒe asi asu Edom kple Moab dzi, eye Amon ƒe vi azu wo tenɔlawo.


Moab nye nye asiklɔgba, meɖe nye tokota ƒu gbe ɖe Edom dzi, eye medo dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ta.”


Isak ɖo eŋu gblɔ be, “Mewɔe wòzu aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wain hã nɛ. Nu kae gali matsɔ ana wò.”


Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”


Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa.


Matsɔ mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo adzra na Yudatɔwo eye woawo hã adzra wo na Sabeatɔwo le didiƒe ke. Yehowae gblɔe.


Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa