Amos 9:1 - Agbenya La1 Mekpɔ Aƒetɔ la wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye wògblɔ nam be, “Xlã nu ɖe sɔtiawo tame ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu. Mu sɔtiawo woadze ameawo ƒe ta dzi, eye ame siwo susɔ la, mawu wo kple yi. Ame ɖeka pɛ mato le eme o, eye ɖeke hã masi o. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19131 Eye mekpɔ Aƒetɔ la wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la dzi gblɔ bena: Ŋe kɔ le sɔtiawo nu, ne kpuiawo nadzo kpekpekpe, eye nagbã wo ɖe wo katã ƒe ta dzi! Matsɔ yi awu wo viwoe, wo dometɔa ɖeke masi o, eye amea ɖeke makpɔtɔ o. Onani mutuwo |
“Aleae nye Yehowa ƒe ŋuɖoɖo na wò, “ ‘Esime nètsi tsitre ɖe nyagblɔɖiawo ŋuti ta la, srɔ̃wò azu gbolo le du sia me, woawu viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple yi; woatsɔ dzidzeka ama wò anyigbae. Wò ŋutɔ ya, àku ɖe dzronyigba dzi, eye Israelviwo azu kluviwo le aboyo me le anyigba aɖe si le didiƒe ke la dzi.’ ”
Du xɔŋkɔ sia azu gbeɖuƒe na alẽhawo. Gbemelã kple xe vovovowo atsɔ teƒe sia awɔ wo nɔƒee. Hlɔ̃madewo aɖe do ɖe afi ma, akagawo kple alugewo awɔ atɔ ɖe eƒe fiasãwo me, eye woadzo ɖe eƒe fesrewo nu anɔ xɔxlɔ̃m; eye akpaviãwo adzo ɖe fiasã la ƒe ʋɔtruwo nu. Mlɔeba la, ʋuƒo nyui siwo wotsɔ wɔ xɔa mee la atsi gota ŋdɔ naɖu.