Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 8:2 - Agbenya La

2 Ebiam be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Meɖo eŋu nɛ be, “Kusi si yɔ kple atikutsetse ɖiɖiwo.” Yehowa gblɔ nam be, “Israel ƒe ɣeyiɣi de, eya ta nyemagahe woƒe tohehe ɖe megbe azɔ o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Amos 8:2
25 Mawu Ofanana  

Ale Mawu gblɔ na Noa be, “Mele ameawo katã tsrɔ̃ ge, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi. Matsrɔ̃ wo kple anyigba la siaa.


Seƒoƒo yɔyrɔ ma si nye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si wòɖɔ na balime nyonuku la anɔ abe gbotsetse si ɖi do ŋgɔ na mamlɛawo la ene; esi ame aɖe kpɔe la, egbee kaba heɖu.


Nye ŋutɔ manɔ Mizpa, be manɔ mia teƒe le Babiloniatɔ siwo va mia gbɔ la ŋkume. Ke miawo la, mixa wain tsetsewo, dzomeŋɔli ƒe kutsetsewo eye miɖa ami, miazi wo ɖe amigowo me eye minɔ du siwo míexɔ la me.”


Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”


Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be, míagate ŋu ado go azɔ le míaƒe ablɔwo dzi o. Míaƒe nuwuwu tu aƒe, woxlẽ míaƒe ŋkekewo elabena míaƒe nuwuwu va ɖo.


Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo.


“ ‘Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Mahe yi aɖe ɖe ŋuwò, wòawu wò amewo kple woƒe lãwo.


Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, ɖo to nyuie, eye nàlé nya siwo katã megblɔ na wò la me ɖe dzi me.


Ke Israel ƒe aƒe la mele lɔlɔ̃m be yeaɖo to wò o, elabena womele lɔlɔ̃m be woaɖo tom o, elabena Israel ƒe aƒemetɔwo katã nye tosẽlawo kple kɔlialiatɔwo.


Nuwuwu la va ɖo. Nuwuwu la va ɖo. Efɔ eɖokui ɖe ŋutiwò. Kpɔ ɖa, eva ɖo!


Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si Israel ƒe aƒe la ƒe ametsitsiwo le wɔwɔm le viviti la me, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eya ŋutɔ ƒe legba ƒe nɔƒea? Wogblɔ be, ‘Yehowa mele mía kpɔm o; Yehowa gble anyigba la ɖi.’ ”


Egblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu sia? Nya tsɛe wònye be Yuda ƒe aƒe nanɔ ŋunyɔnu siawo wɔm le afi sia? Ɖe woagana ŋutasesẽ naxɔ anyigba la dzi, eye woanɔ dziku dom nam madzudzɔmadzudzɔea? Kpɔ ale si wotsɔ atilɔ la ɖo ŋɔtinu la ɖa!


Eye wògblɔ nam be, “Ame vi, èkpɔ nu si wɔm wolea? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afi sia? Èkpɔ ŋunyɔnu siwo anyam ɖa boo tso nye teƒe kɔkɔe la gbɔa? Ke àgakpɔ nu bubu siwo nyɔ ŋu sãa wu esiawo.”


Toheɣi na Israel ɖo vɔ; nu vɔ̃ ƒe akɔntanaɣi ɖo vɔ, eye kpuie la, Israel anya nu si wònye. Esi wò nu vɔ̃wo li kɔ gleglegle, eye fuléle yɔ mewò fũu ta la, nyagblɔɖila zu bometsila, eye ame si me Mawu ƒe gbɔgbɔ le la zu tsukunɔ.


Aƒetɔ la biam be, “Amos, nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋuti be, “Glidzidzenu.” Yehowa gayi dzi be, “Kpɔ ɖa, metsɔ glidzidzenu ɖo nye dukɔ, Israel titina. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.


Aƒetɔ Yehowa ɖe kusi aɖe si yɔ fũu kple kutsetse ɖiɖiwo la fiam le ŋutega me.


Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.


Mawudɔla la biam be, “Nu ka nèkpɔ?” Meɖo eŋu be, “Mekpɔ agbalẽ aɖe si le dzodzom! Agbalẽ la ƒe didime nye afɔ blaetɔ̃ eye eƒe kekeme nye afɔ wuiatɔ̃.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa