Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 7:9 - Agbenya La

9 “Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Isak ƒe nuxeƒewo azu gbegbe, Israel ƒe kɔkɔefewo azu aƒedo, eye matso yi atso ɖe Yerobeam ƒe aƒe la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Amos 7:9
16 Mawu Ofanana  

Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu.


Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de legbawo subɔsubɔ ƒe nu vɔ̃ me la ene.


Ɣeyiɣi kpui aɖe koe wò teƒe, kɔkɔe la nɔ wò amewo ƒe asi me. Ke azɔ la, míaƒe futɔwo nya avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi.


“Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo, elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.”


eye nàgblɔ be, ‘O Israel ƒe towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, na agadowo kple balimewo: mele yi tsɔ ge ɖe mia ŋu, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.


Woagbã vɔ̃ɖinyenye ƒe vɔsaƒe siwo le Aven, eyae nye Israel ƒe nu vɔ̃. Ŋu kple aŋɔka avu atsyɔ woƒe vɔsamlekpuiwo dzi. Woagblɔ na towo be, “Mitsyɔ mía dzi,” eye woagblɔ na togbɛwo be, “Mimu dze mía dzi.”


Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.


Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.”


Amos le gbɔgblɔm be, “ ‘Yeroboam atsi yi nu eye woaɖe aboyo Israel, akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’ ”


Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”


Ame siwo ta legba si le Samaria, eye wogblɔ be, ‘O Dan, meta wò mawu ƒe agbe alo meta Beerseba ƒe mɔ la adze anyi, eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.’ ”


Mekpɔ Aƒetɔ la wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye wògblɔ nam be, “Xlã nu ɖe sɔtiawo tame ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu. Mu sɔtiawo woadze ameawo ƒe ta dzi, eye ame siwo susɔ la, mawu wo kple yi. Ame ɖeka pɛ mato le eme o, eye ɖeke hã masi o.


Nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖe Yakob ƒe aglãdzedze ta, ele dzɔdzɔm ɖe Israel ƒe aƒe ƒe nu vɔ̃wo ta. Nu kae nye Yakob ƒe aglãdzedzea? Ɖe menye Samariae oa? Nu kae nye Yuda ƒe vɔsaƒewo? Ɖe menye Yerusalem ye oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa