Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 7:11 - Agbenya La

11 Amos le gbɔgblɔm be, “ ‘Yeroboam atsi yi nu eye woaɖe aboyo Israel, akplɔe tso eƒe denyigba dzi.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena ale Amos gblɔ esi: Yerobeam aku ɖe yi nu, eye woaɖe aboyo Israel atso eƒe anyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




Amos 7:11
13 Mawu Ofanana  

Mlɔeba la, le Hosea ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me la, Asiriatɔwo xɔ Samaria. Woɖe aboyo Israelviwo yi Asiria eye woɖo wo dometɔ aɖewo ɖe Hala du la me, bubuwo nɔ duwo me le Habor tɔsisi la ŋu le Gozan eye mamlɛawo nɔ Mediatɔwo ƒe du me.


Ŋkeke blibo la wotrɔa gbo nye nyawo, ɣe sia ɣi wole nugbe ɖom be woawɔ nuvevim.


Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.


Esi wose nya siawo katã la, vɔvɔ̃ ɖo wo eye wode asi wo nɔewo ƒe ŋkume kpɔkpɔ me kple vɔvɔ̃ eye wogblɔ na Baruk be, “Ele be nàka nya siawo ta na fia la.”


Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel.


Ke esi Amazia, nunɔla si le Betel se nya siwo gblɔm Amos le la, eɖo du ɖe Israel fia Yeroboam kaba be, “Amos le nugbe ɖom ɖe ŋutiwò le Israel dukɔ la titina. Amewo mate ŋu atsɔ nya siwo katã gblɔm wòle la o.


Amazia ɖo ame dɔdɔwo ɖe Amos be, “Wò, nyagblɔɖila, do go le afi sia! Si nàyi ɖe Yudanyigba dzi, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma be nàkpɔ abolo aɖu.


“Woagbã Isak ƒe nuxeƒewo, Israel ƒe Kɔkɔeƒewo azu aƒedo, eye matso ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu kple yi.”


Lũ ta kolikoli nàfa konyi elabena wokplɔ vi siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o la dzoe. Lũ ta wòanɔ abe akaga tɔ ene, elabena woakplɔ viwòwo ayi aboyo mee.


Le nuwuwu la, ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agbã Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”


Woyi edzi gblɔ be, “Míese Stefano gblɔ be Yesu Nazaretitɔ sia ava gbã gbedoxɔ la, eye wòaɖe se siwo katã Mose na mí la ɖa.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa