Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 6:4 - Agbenya La

4 Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 mi amesiwo mlɔ nyiɖubatiwo dzi, eye miedra ɖe mia mlɔƒewo, mieɖu alẽviwo le lãhawo dome kple nyiviwo le lãkpɔ me;

Onani mutuwo Koperani




Amos 6:4
18 Mawu Ofanana  

Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte.


Wotsi avɔ, ɣitɔ kple blɔtɔ siwo ŋu wosa aklala kple aɖabɛ dzĩtɔ ƒe kawo ɖo la ɖe klosalosigɛ siwo wowɔ ɖe sɔti siwo wotu kple kpe xɔasiwo me la ŋu. Sikazikpuiwo kple klosalozikpuiwo nɔ gbadzaƒe si wowɔ kple kpe xɔasi yibɔtɔwo, dzĩtɔwo, ɣitɔwo kple aŋgbaɖiɖitɔwo.


Dzidada dona tso woƒe dzi si ku atri la me, eye seɖoƒe meli na woƒe susu ƒe nu vɔ̃ɖiwo ɖoɖo o.


Ke mikpɔ ɖa, miele dzidzɔ kpɔm, le aglo tum. Miewu nyiwo, tso alẽwo; mieɖu lã, mieno wain, eye miegblɔ be, “Mina miaɖu nu, ano nu, elabena etsɔ miele kuku ge!”


Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo. Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku. Baba na du ma si nye dada na ame siwo wain flu tagbɔ na!


“Ne wole nu ɖum le dzidzɔ kpɔm le aƒe aɖe me la, mègage ɖe aƒe ma me nanɔ anyi be yeaɖu nu, ano nu o.


“Kpɔ ɖa, nɔviwò nyɔnu, Sodom ƒe nu vɔ̃e nye, eya kple via nyɔnuwo dana, ɖua nutsu, naneke mekaa wo o. Womekpena ɖe ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu o.


Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo.


Ale Yehowa gblɔe nye si, “Abe ale si Alẽkplɔla ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ aɖe ko le dzata ƒe nu me la, nenema kee wòanɔ na Israelvi siwo nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple ame siwo nɔ aba ƒe kundru dzi.”


Egagblɔ be, “Hadzidzi siwo ɖina le gbedoxɔ me la azu avifafa gbe ma gbe. Ame kukuwo akaka ɖe afi sia afi, eye ɖoɖoe azi klẽnee.”


Miaƒe kesinɔtɔwo yɔ fũu kple ŋutasẽse eye miaƒe dukɔmeviwo daa alakpa eye amebeble le aɖe dzi na wo.


“Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe.


Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me, eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa