Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 6:2 - Agbenya La

2 Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Miyi Kalne, eye milé ŋku ɖe anyi, mitɔ edzi tso afima yi Xamat-gã, eye mihoe ɖe dzi yi Filistitɔwo ƒe Gat be, ɖe eme nyo na wo wu fiaɖuƒe siawo tɔ loo, alo woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?

Onani mutuwo Koperani




Amos 6:2
19 Mawu Ofanana  

Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã.


Esi Hamat fia, Tɔi, se ale si David si fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la,


Ale Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke. Woɖu ŋkeke sia le Yehowa, míaƒe Mawu la ŋkume ŋkeke adre eye wogaɖui ŋkeke adre bubu. Wo katã le ŋkeke wuiene.


Asiria fia kplɔ amewo tso Babilonia, Kuta, Ava, Hamat kple Sefarvaim ɖada ɖe Samaria ƒe duwo me ɖe Israelviwo teƒe. Ale Asiriatɔwo xɔ Samaria kple Israel du bubuwo.


Ame siwo tso Babilonia la subɔa woƒe mawu Sukot Benot. Ame siwo tso Kuta la subɔa woƒe mawu Nergal eye ame siwo tso Hamat la subɔa Asima.


Nya kae dzɔ ɖe Hamat, Arpad, Sefarvaim, Hena kple Iva ƒe mawuwo dzi? Ɖe woɖe Samaria?


Afi ka Hamat fia kple Arpad fia le? Nu kae wɔ Sefarvaim kple Hena kple Iva ƒe fiawo?”


Eho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu eye wòɖu Gat kple Yabne kple Asdod dzi eye wòmu woƒe gliwo ƒu anyi. Etso du yeyewo ɖe Asdod nutomewo kple teƒe bubuwo le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi.


Tso Damasko ŋuti: “Hamat kple Arpad ƒe mo tsi dãa, elabena wose nya vɔ̃. Dzi ɖe le wo ƒo, wotɔtɔ eye wotsi dzimaɖi abe atsiaƒu ene.


Wòe nyo wu Tebes, si le Nil tɔsisi to, eye tɔ la ƒo xlãe godoa?


Esi wònɔ nu ƒom kple nɔviawo la, Goliat, Filistitɔwo ƒe aʋakalẽ si tso Gat la do go ɖe ŋgɔgbe le eƒe aʋakɔwo ŋgɔ eye wòdo ɣli gblɔ alɔmeɖenya ma ke. David see.


Aʋakalẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Goliat, ame si tso Gat do go tso Filistitɔwo ƒe asaɖa me. Ŋutsu sia ƒe kɔkɔme anɔ mita etɔ̃.


Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo ta Ekron. Ke esi Ekrontɔwo kpɔe wògbɔna wo gbɔ ko la, wodo ɣli be, “Wotsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la gbɔna afi sia be wòawu mí kple míaƒe amewo.”


Ale woyɔ takpekpe na Filistitɔwo ƒe dziɖulawo katã, eye wobia wo be, “Nu ka míawɔ kple Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka?” Woɖo eŋu be, “Mitsɔ Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka yi ɖada ɖe Gat.” Ale woɖe Israel ƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa