Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 6:1 - Agbenya La

1 Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!

Onani mutuwo Koperani




Amos 6:1
26 Mawu Ofanana  

Eƒle Samaria togbɛ la le Semer si hena klosalo kilogram blaadre eye wòtso du ɖe edzi. Etsɔ Semer, ame si si wòƒle togbɛ la le la ƒe ŋkɔ na du la be Samaria.


Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.


elabena gegemewo ƒe afɔɖeɖe baɖawo awu wo eye bometsilawo ƒe ɖekematsɔleme atsrɔ̃ wo.


Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion, eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be, “Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu? Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.”


Israel nɔ kɔkɔe na Yehowa, eƒe nukuwo ƒe ŋgɔgbetɔwo, ame siwo katã ʋuʋui la, dze agɔ eya ta dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi.’ ” Yehowae gblɔe.


“Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke abe wain si ɖo ƒã ɖi kpoo eye wometrɔe tso go ɖeka me kɔ ɖe go bubu me o ene; esia nye be meyi aboyo me kpɔ o. Eya ta eƒe vivi gale eŋu eye eƒe ʋeʋẽ lĩlĩlĩ metrɔ o.


“Tso nàdze dukɔ si li bɔkɔɔ kple dukɔ si si dzideƒo le la dzi. Dukɔ si nu agbo alo akɔbli ƒe mɔnuxenu mele o eye eƒe amewo le dziɖeɖi me.” Yehowae gblɔe.


Eya ta mayi ɖe woƒe kplɔlawo gbɔ, aƒo nu na wo; woawo ya nya Yehowa ƒe mɔ kple woƒe Mawu la ƒe didiwo godoo.” Gake woawo hã tsɔ lɔlɔ̃nu ɖeka ŋe kɔkuti la ɖa eye wotu kɔsasawo.


Migaxɔ beblenyawo dzi se ahanɔ gbɔgblɔm be, “Esiae nye Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ, Yehowa ƒe gbedoxɔ o!”


“Aleke du si yɔ fũu kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale! Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ abe ahosi ene! Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.


“Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la, miawo ko metia, eya ta wòle be mahe to na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo,


Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”


“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!


eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.” Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.


Ame siwo ta legba si le Samaria, eye wogblɔ be, ‘O Dan, meta wò mawu ƒe agbe alo meta Beerseba ƒe mɔ la adze anyi, eye womagafɔ akpɔ gbeɖe o.’ ”


Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be, ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.”


Eye megblɔ be: “Miɖo to, mi Yakob ƒe kplɔlawo. Mi ame siwo le Israel ƒe aƒe dzi ɖum. Miawoe wòdze be mianya nyui tso vɔ̃ gbɔ


Le ɣe ma ɣi me la, masi akaɖi adi ɖekematsɔlemetɔwo le Yerusalem ahe to na wo, ame siwo le abe wain ƒe aƒe ene, eye wogblɔ le woƒe dzi me be, ‘Yehowa mawɔ naneke mí, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.’


Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me, ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.


Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me, eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam.


Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eléa be na mi.


Ale ame atɔ̃awo yi Lais du la me eye wokpɔ ale si ameawo le dedie le afi mae, abe Sidontɔwo ene. Woɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, wometsi dzi be dukɔ aɖeke aho aʋa ɖe yewo ŋu o elabena dukɔ sesẽ aɖeke menɔ nuto me ma o. Woƒe nɔƒe didi tso wo nɔvi Sidontɔwo gbɔ eye womedea ha kple du siwo te ɖe wo ŋu la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa