Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 5:6 - Agbenya La

6 Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Midi Yehowa, be mianɔ agbe, ne magadze Yosef ƒe aƒe la dzi, abe dzo ene ahafiãe, eye dzotsilaa ɖeke manɔ anyi na Betel o;

Onani mutuwo Koperani




Amos 5:6
28 Mawu Ofanana  

elabena medze si nye nu vɔ̃ eya ta meva afi sia egbe. Nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe to la me be mado dzaa na wò nye aƒetɔ la egbea.”


Ke Yeroboam nye ame nuteƒewɔla aɖe eye esi Solomo kpɔ ale si wòwɔa eƒe dɔ nyuie la, etsɔe ɖo Yosef ƒe aƒe blibo la ƒe dɔlawo nu.


Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple nu siwo wotsɔ woƒe asiwo me la. Nye dɔmedzoe atrɔ akɔ ɖe teƒe sia dzi eye enu matso o.’


Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be, “Di eƒe ŋkume!” Yehowa, wò ŋkumee madi.


Yehowa ɖoa to hiãtɔwo, eye medoa vlo eƒe ame siwo le aboyome o.


“Ne ame aɖe tɔ dzo gbe le eƒe anyigba dzi, eye dzo la yi ɖabi agblemenuku siwo woxa da ɖi loo alo esiwo womexa haɖe o le ame bubu ƒe agble me la, ele be ame si tɔ dzo gbea la naxe fe ɖe nu siwo katã dzo la gblẽ la ta.


Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu, eƒe dɔwɔwɔ azu dzoxi, wo ame eve la woabi, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.”


Miɖo to ne miava gbɔnye. Miɖo tom be miaƒe luʋɔ nanɔ agbe. Mabla nu mavɔ kpli mi, elabena metsɔ nye lɔlɔ̃ si meʋãna o la do ŋugbee na David.


Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu. Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.


Yeremia ɖo eŋu nɛ be, “Womatsɔ wò ade asi na wo o. Ɖo to Yehowa, nàwɔ nu si megblɔ na wò, ekema eme anyo na wò eye àɖe wò agbe.


Mi Yuda kple Yerusalem ŋutsuwo, mitso aʋa na mia ɖokuiwo na Yehowa. Mitso aʋa na miaƒe dziwo, ne menye nenema o la, nye dziku helĩhelĩ alé dzo abi abe dzo ene eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ siwo miewɔ la ta.”


“Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’


eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa.


Gblɔ na wo be Aƒetɔ Yehowa be, ‘Meta ɖokuinye ƒe agbe be, ame vɔ̃ɖi ƒe ku medoa dzidzɔ nam o, ke boŋ medina be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, eye woanɔ agbe. Mitrɔ dzi me! Miɖe asi le miaƒe mɔ vɔ̃wo ŋu! Nu ka ta miaku, O! Israel ƒe aƒe?’


nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ Yosef ƒe ati, ati si le Efraim ƒe asi me la kple Israel ƒe to siwo katã dea ha kplii la tɔ, eye matɔe ɖe Yuda ƒe ati nu, eye woazu ɖeka le nye asi me.’


Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.


Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe! Ekema Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si miawo ŋutɔ miegblɔ la ene.


Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, “Midim, ne mianɔ agbe.


Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona, eye miesia ami ʋeʋĩwo, gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o,


Midi Yehowa, mi anyigbadzitɔ siwo katã bɔbɔ mia ɖokui, mi ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Midi dzɔdzɔenyenye, midi ɖokuibɔbɔ; ɖewohĩ woatsyɔ nu mia dzi le Yehowa ƒe dzikuŋkeke la dzi.


“Mado ŋusẽ Yuda ƒe aƒe, eye maɖe Yosef ƒe aƒe, magbugbɔ wo agaɖo te, elabena mekpɔ nublanui na wo. Woanɔ abe ɖe nyemegbe nu le wo gbɔ kpɔ o ene, elabena nyee nye Yehowa, woƒe Mawu la, eye matɔ na wo.


Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo.


Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu.


Mama anyigba la ɖe akpa adre me: Yuda ƒe viwo anɔ woƒe anyigba dzi le dziehe, eye Yosef ƒe viwo anɔ anyiehe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa