Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 5:3 - Agbenya La

3 elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be, ‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la, ame alafa ɖeka koe agbɔ, eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la ame ewo koe agbɔ.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne dua ɖe ho kple ame akpe le Israel ƒe aƒe la me la, ame alafa akpɔtɔ, eye ne eho kple ame alafa la, ame ewo akpɔtɔ.

Onani mutuwo Koperani




Amos 5:3
10 Mawu Ofanana  

Nenema ke míaƒe nyiwo atsɔ agba kpekpewo vɛ. Ale gli gbagbã maganɔ anyi o, aboyomeyiyi maganɔ anyi o, eye xaxa ƒe avifafa magaɖi le míaƒe mɔtatawo dzi azɔ o.


Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la, anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene.


Togbɔ be wò dukɔ, O! Israel, le abe ƒutake ene hã la, ame mamlɛawo koe atrɔ gbɔ. Woɖo kpe gbegblẽ dzi, eye dzɔdzɔenyenye gbagbã ɖi.


Togbɔ be ameawo ƒe akpa ewoliawo dometɔ ɖeka asusɔ ɖe anyigba dzi hã la, woagana wòazu gbegbe, gake abe ale si ne wolã logoti kple gboti, takpoawo susɔna ene la, nenema ke atiku kɔkɔe la azu atitakpo ɖe anyigba la dzi.”


Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”


Ne ŋutsu ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me hã, wo katã woaku.


Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be, “Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe.


Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o.


Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi,


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa