Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 5:10 - Agbenya La

10 Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu, eye miele fu nyateƒetola.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Wole fu amesi xlɔ̃a nu ame le ʋɔnu, eye wonyɔ ŋu nyateƒetola.

Onani mutuwo Koperani




Amos 5:10
24 Mawu Ofanana  

Esi wòkpɔ Eliya la, ebiae be, “Wòe nye ema? Wò ame si le fu ɖem na Israel mahã?”


Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!” Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume.


Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.” Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”


Fia Amazia ɖo eŋu na nyagblɔɖila la be, “Ɣe ka ɣie mebia wò aɖaŋuɖoɖo kpɔ? Zi ɖoɖoe kaba, ne menye nenema o la, mana woawu wò.” Esi nyagblɔɖila la dzo yina la, egblɔ na Fia Amazia be, “Menya be Mawu ɖo ta me be yeatsrɔ̃ wò le esi nèsubɔ legba siawo eye mèse nye nuxlɔ̃amenya o la ta.”


Ke ameawo ɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔwo ŋu eye wodo vlo woƒe nyawo. Woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu va se ɖe esime Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu eye avuléla menɔ anyi o.


Fewuɖula tsri nyagbename eya ta mabia aɖaŋu le nunyalawo gbɔ o.


ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela, ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu, eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea ame dzɔdzɔe nya mee.


Ale nyateƒe mele afi aɖeke woakpɔ o, eye ame si gbe nu le nu vɔ̃ɖi gbɔ la zu nuhaha. Yehowa ɖo ŋku anyi hekpɔ nu, ke mekpɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ le afi aɖeke o, eye medzɔ dzi nɛ o.


Ke Kusitɔ aɖe, Ebed Melek, ame si nye dɔnunɔlawo dometɔ ɖeka le fiasã me la se be wolé Yeremia de vudo me. Esi fia la nɔ anyi ɖe Benyamingbo la nu la,


“Ame aɖeke megatsɔ nya ɖe nɔvia ŋu alo aka mo nɛ o, elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔlawo ene.


Nunɔla la alé ŋku ɖe eŋu eye ne nutete ɣi aɖe le eƒe ŋutilã ŋu la,


Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui. Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo. Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo.


Nenye xexe sia me tɔwo mienye la, anye ne woalɔ̃ mi, ke esi metia mi tso xexea me ta la, wolé fu mi.


Wolé fu Kekeli si tso dziƒo va la, elabena wodi vevie be yewoawɔ nu vɔ̃ le viviti me. Wote ɖa xaa tso Kekeli la gbɔ, elabena wovɔ̃ be yewoƒe nu vɔ̃wo adze le gaglãgbe.


Miawo la, xexea me tɔwo mate ŋu alé fu mi o, ke nye la, wolé fum, elabena megblɔna na wo be woƒe nuwɔnawo nye nu vɔ̃ɖi.


Ke azɔ la, ɖe mezu miaƒe futɔ, elabena megblɔ nyateƒe la na mia?


Anyigbadzinɔlawo akpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woaɖu azã, aɖo nunanawo ɖe wo nɔewo, elabena nyagblɔɖila eve siawo wɔ funyafunya ame siwo le anyigba dzi la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa