Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 4:8 - Agbenya La

8 Amewo tsoa du siwo me ku le ɖiɖim le, eye wozɔa mɔ didi yia tsidiƒe le du bubu me afi si tsi le dzadzam le, gake womekpɔnɛ kuna o. Ele alea, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Du eve kple du etɔ̃ wole ya mum sagãsagã yi du ɖeka me, be yewoano tsi, ke womeɖi kɔ o; gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe!

Onani mutuwo Koperani




Amos 4:8
16 Mawu Ofanana  

Fia Ahab gblɔ na Obadiya be, “Tsa le tɔsisi kple tɔʋu ɖe sia ɖe to le anyigba blibo la dzi ɖewohĩ miakpɔ gbe ana sɔawo kple tedziawo woaɖu be miaƒe lãwo magatsrɔ̃ na mi o.


Aram tso ɣedzeƒe, eye Filistitɔwo tso ɣetoɖoƒe vuvu Israel kple nu siwo ke ɖi baa la. Togbɔ be esiawo katã dzɔ hã la, Yehowa ƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ɖe wo ŋu ko.


Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”


Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe.


Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe.


O Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? ȃo wo gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake womese veve o, ègbã wo nyanyanya gake wogbe ɖɔɖɔɖowɔwɔ. Wowɔ woƒe mo wòsẽ wu kpe eye wogbe dzimetɔtrɔ.


“Nye dukɔ agatrɔ ayi Egipte, eye Asiria aɖu wo dzi, elabena wogbe dzimetɔtrɔ.


Israel ƒe dada le ɖase dim le eŋuti; esi nu siawo katã le dzɔdzɔm hã la, metrɔ va Yehowa, eƒe Mawu la gbɔ be yeadii o.


“Medɔ dɔwuame ɖe miaƒe duwo me, gake mewɔ naneke le mia ŋuti o, eye miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


Àɖu nu, ke màɖi ƒo o, eye dɔ anɔ wuwòm ɖaa. Àdzra nu gbogbowo ɖo, ke naneke masusɔ na wò o, elabena ne ɖe susɔ gɔ̃ hã la, matsɔe ade asi na yi.


Mieƒãa nuku taŋtaŋ gake nuku ʋɛ aɖewo ko mieŋena. Mieɖua nu gake meɖia ƒo na mi o. Mienoa nu gake meɖia kɔ na mi o, mietaa avɔ gake medea dzo lãme na mi o. Miexɔa fetu ke ɖeko mietsɔnɛ dea kotoku ŋɔŋɔ me.”


Meda tohehe ɖe miaƒe asinudɔwɔwɔwo katã dzi kple ŋɔviwo, ale miaƒe bli gblẽ le agble dzi eye tsikpe dza ɖe miaƒe nukuwo dzi gake miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye.’ Yehowae gblɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa