Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 4:7 - Agbenya La

7 “Ɣleti etɔ̃ hafi miadze miaƒe nukuwo ŋeŋe gɔme la, mena tsidzadza tɔ kplo zi ɖeka, eye miaƒe nukuwo gblẽ. Medɔa tsi wòdzana ɖe du ɖeka dzi, medzana ɖe bubuwo dzi o. Ale ne tsi le dzadzam ɖe agble aɖe dzi la, bubuawo me ƒuna kplakplakpla, eye woƒe nukuawo fiana.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.

Onani mutuwo Koperani




Amos 4:7
27 Mawu Ofanana  

Mose wɔ alea, eye blukɔ tsiɖitsiɖi aɖe do ɖe Egiptenyigba blibo la dzi ŋkeke etɔ̃.


Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Egiptetɔwo megatea ŋu ʋãna o, le esime kekeli nɔ Israelviwo gbɔ abe tsã ene.


“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,


Teƒe ɖeka pɛ si ko dzi kpetsi la medza ɖo o, le Egiptenyigba blibo la dzie nye Gosen, afi si Israelviwo nɔ.


Gake Yehowa ade vovo Israelviwo kple Egiptetɔwo ƒe lãhawo dome, ale be Israelviwo ƒe lã aɖeke maku o.’ ”


Mawɔe wòazu gbegbe, womake eƒe alɔwo alo aga eme o, eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma. Made se na lilikpowo be womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”


Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa? Lilikpowo ŋutɔe dzaa tsia? Ao, O Yehowa, míaƒe Mawu, wòe wɔnɛ. Eya ta míaƒe mɔkpɔkpɔ le dziwò, elabena wòe wɔa esiawo katã.”


Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe; woyina ɖe vudowo to, gake womekpɔa tsi le wo me o. Wotrɔna gbɔna kple ze ƒuƒluwo, ŋu kpea wo, wobua mɔkpɔkpɔ eye wotsɔa nu tsyɔa ta.


Anyigba la katã wo gblogblogblo, elabena tsi mele dzadzam ɖe edzi o; agbledelawo ƒe mo tsi dãa, eye wotsyɔ nu ta.


Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe.


O, mi Ziontɔwo, dzi nedzɔ mi le Yehowa, miaƒe Mawu la me! Elabena tsidzadza si wòɖo ɖa la nye eƒe tsɔtsɔke ƒe dzesi. Adame kple kelemetsiwo adza ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ.


Ne ame siwo le anyigba la dzi dometɔ aɖe meyi ɖe Yerusalem ɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la o la, tsi madza na wo o.


Menye miawoe gblɔna be, ‘Esusɔ ɣleti ene ne nuŋeɣi naɖo oa’? Miwu mo dzi ne miakpɔ agblewo dzi ɖa! Nukuawo tsi na ŋeŋe.


Elabena ame kae wɔ mi mieto vovo tso ame bubuwo gbɔ? Nu kae le mia si, si menye Mawue na mi o? Ke ne mielɔ̃ ɖe edzi be nu siwo katã le mia si la nye nunana tso Mawu gbɔ la, nu ka ta miele dadam abe ɖe wosu mia si to mia ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze me ene?


Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi,


Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ.


Ŋutsu siawo la, ŋusẽ le wo si be woatu dziŋgɔli, ale be tsi magadza le ɣeyiɣi si me wole nya gblɔm ɖi la o; ŋusẽ le wo si be woatrɔ tsiwo woazu ʋu, eye woada dɔvɔ̃ ƒomevi vovovowo ɖe anyigba dzi zi ale si wolɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa