Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 4:12 - Agbenya La

12 “Eya ta ale mawɔ na wò, O Israel! Esi wònye aleae mawɔ na wò ta la, dzra ɖo nàdo go wò Mawu, O Israel!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eyata Israel, ale mele wɔ wò ge enye si: Esi mele esia wɔ ge wò la, eyata Israel, dzra ɖo naɖakpe kple wò Mawu!

Onani mutuwo Koperani




Amos 4:12
20 Mawu Ofanana  

Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi! Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi, eye miasa akpanya ɖe ali.


Woaɖe amama wò, eye woaklo nu le wò ŋukpeƒe dzi. Mabia hlɔ̃, eye nyemaɖe ame aɖeke le eme o.”


Abe ale si nake léa dzoe, eye wònaa tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la, nenema ke nàɖi va, ana wò ketɔwo nanya wò ŋkɔ, eye dukɔwo nadzo nyanyanya le ŋkuwò me,


Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.


Mieyi glia ƒe gbagbãƒewo ne miadzrae ɖo na Israel ƒe aƒe la, ale be wòate ŋu anɔ te sesĩe le aʋa me le Yehowa ƒe ŋkeke la dzi o.


“Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o.


Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe viwo wofi dzoe ene, mavuvu wo akɔ ɖi abe dzatanɔ ene. Lã wɔadã aɖe avuvu wo viwo akɔ ɖi.


Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o.


Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.


“Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ.


eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ, eye nèse la dzi; wɔ edzi, eye nàtrɔ dzi me. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene, eye mànya ga si me mava gbɔwò o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa