Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 2:8 - Agbenya La

8 Woɖoa atsyɔ̃ kple avɔ siwo woxɔ le fenyilawo si le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha siwo woxɔ le woƒe mawuwo ƒe aƒe me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Wodraa afɔ ɖe awɔbavɔ dzi le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha le woƒe mawuwo ƒe me.

Onani mutuwo Koperani




Amos 2:8
17 Mawu Ofanana  

“Ne nɔviwò Hebritɔ aɖe le xaxa me, eye nèdo ga nɛ la, mele be nàxɔ deme le esi abe ale si nàxɔ le ame bubu si ene o.


Èɖo aba ɖe togbɛ si kɔ bobobo la dzi. Afi mae nèyi hewɔ vɔsawo le.


“Etea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe to. Edaa adzo ame. Megbugbɔa awɔbanu na nutɔ o. Ekpɔa legbawo dzi ɖa. Ewɔa ŋukpenanuwo.


Metea ame aɖeke ɖe to o. Ke egbugbɔa awɔbanu si wòxɔ ɖe fe nu la na nutɔ. Medaa adzo ame o, ke boŋ enaa eƒe nuɖuɖu dɔwuitɔ, eye wònaa nutata amamanɔla.


Mienɔ anyi ɖe nye abati nyuitɔ dzi, kplɔ̃ le eŋgɔ, kplɔ̃ si dzi míetsɔ dzudzɔdonu kple ami siwo nye tɔnye la da ɖo.


Nunɔlawo hã kpɔa dzidzɔ le ameawo ƒe nu vɔ̃ ŋu, eye woɖunɛ abe nuɖuɖu ene,


Womedo ɣli nam tso woƒe dzi me o, ke wofa avi le woƒe abawo dzi. Woƒoa ƒu ɖe bli kple aha yeye ŋuti, ke nye la, wotrɔ le yonyeme.


Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.


“Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!


Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.


Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona, eye miesia ami ʋeʋĩwo, gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o,


Miate ŋu ano nu le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agatrɔ aɖanoe le gbɔgbɔ vɔ̃ hã ƒe kplɔ̃ ŋu o; nenema ke miate ŋu aɖu abolo le Aƒetɔ la ƒe kplɔ̃ ŋu vɔ agaɖui le Abosam hã gbɔ o.


Migazu trɔ̃subɔlawo hã abe wo dometɔ aɖewo ene o, abe ale si woŋlɔe ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be, “Wonɔ anyi ɖu nu eye wono nu nyuie eye wotsi tsitre, emegbe la, woɖu ɣe.”


Nu si adzɔ lae nye be ne kristotɔ aɖe si ƒe dzitsinya gblɔ nɛ be menyo be yeaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsanu o, ke ame sia va kpɔ wò kristotɔ bubu nènɔ anyi ɖe trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, ana be eya hã nate kpɔ be yeaɖui. Ke ne eɖui la, eƒe dzitsinya aɖe fu nɛ vevie eye wòagbɔdzɔ le eƒe dzixɔse me.


Le esime wonɔ nuŋeŋeŋkekenyui ɖum le Sekem le ƒe ma me le woƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, amewo no wain nyuie eye wode asi fiƒoƒo de Abimelek me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa