5 eya ta mana dzo nava fia Yuda, eye wòafia Yerusalem ƒe mɔ sesẽwo.”
5 Eyata mada dzo ɖe Yuda, ne wòafia Yerusalem ƒe fiasãwo!
Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe.
Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”
Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.
Babiloniatɔwo tɔ dzo fiasã la kple amewo ƒe aƒewo eye womu Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi.
Israel ŋlɔ eƒe wɔla be, eye wòtu fiasã gã dranyiwo. Yuda ɖo gli sesẽwo ƒo xlã eƒe duwo. Maɖo dzo ɖa wòafia woƒe duwo, eye wòabi woƒe mɔ sesẽwo.”
Eya ta matɔ dzo Fia Hazael ƒe fiasã, eye magbã Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.
Yehowa Mawu be, “Eya ta futɔ aɖe ava nye avuzi le miaƒe anyigba dzi, agbã miaƒe mɔ sesẽwo, eye wòaha miaƒe fiasãwo.”
Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo, akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo. Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,” Yehowae gblɔe.
Esiae nye nu si Aƒetɔ Yehowa ɖe fiam: Aƒetɔ Mawu yɔ dzo be wòadza, eye dzo la bi tɔsisi goglowo, eye wòfia anyigba la katã.