Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 2:13 - Agbenya La

13 “Eya ta mate mi ɖe to abe ale si keke si wodo bligba na fũu la yia toe ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Kpɔ ɖa, mate mi ɖe to me, abe alesi tasiaɖam, si wode lubablae taŋ la, nyẽna ɖe to mee ene

Onani mutuwo Koperani




Amos 2:13
10 Mawu Ofanana  

Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.”


Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea?


Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbedzi, eye womedo vevesese nɛ le kuɖiɖinyigba dzi o!


Melé fu miaƒe dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui bubuawo. Wozu agba nam, eye nu ti kɔ nam le wo tsɔtsɔ me.


Mètsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ nam alo tsɔa wò lãwo ƒe ami sãa vɔ̃e nam agbadree o, ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agbae nam, eye nèɖe fu nam kple wo vodadawo.


Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa?


“Esi mèɖo ŋku wò ɖetugbimeŋkekewo dzi o, ke boŋ nètsɔ nu siawo do dziku nam ta la, mahe nu siwo nèwɔ la va wò ta dzi kokoko. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Ɖe mètsɔ ŋukpenanuwɔwɔ kpe ɖe wò ŋunyɔnuwɔwɔwo ŋu oa?


Ekema le dukɔ siwo me woɖe aboyo wo yi la, ame siwo asi la, aɖo ŋku dzinye. Woaɖo ŋku ale si woƒe ahasiwɔdzi siwo trɔ le yonyeme kple ale si woƒe ŋkuwo nɔ woƒe legbawo ŋu la na mese vevee la dzi, woase veve ɖe nu vɔ̃ɖi siwo wowɔ kple woƒe wɔna nyɔŋuwo katã ta.


Mietsɔ miaƒe nya kukluiwo do dziku na Yehowa. Gake miebua biae be, “Aleke míedo dziku na wòe?” Miedo dziku nɛ elabena miegblɔ be, “Nuvɔ̃wɔla ɖe sia ɖe nye ame nyui le Yehowa ŋkume eye woawo gɔ̃ hã ƒe nue nyoa eŋu” Miebia be, “Afi ka Mawu, ʋɔnudrɔ̃la la le?”


Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa