Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 2:12 - Agbenya La

12 Gake miena wain Mawu ƒe kluwo wono. Gawu la, miegbe na nyagblɔɖilawo be womagblɔ nya ɖi o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!

Onani mutuwo Koperani




Amos 2:12
8 Mawu Ofanana  

Wogblɔ na nukpɔlawo be, “Migakpɔ ŋutega azɔ o!” eye na nyagblɔɖilawo be, “Migagblɔ gbedeasi si le eteƒe la na mí o. Migblɔ nya viviwo na mí. Migblɔ alakpanyawo ɖi.


“Eya ta ale Yehowa gblɔ tso Anatɔt ŋutsuwo, ame siwo le wò agbe yome tim eye wole gbɔgblɔm be, ‘Mègagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me o, ne menye nenema o la, míawu wò.’


Tete metsɔ goe siwo wain yɔ banaa la kple kpluwo ɖo Rekabi ƒomea ƒe ŋutsuwo kɔme hegblɔ na wo be, “Mino wain.”


Mègava ɖe fu na mí kple wò ŋutegakpɔkpɔ ƒe nyawo le Betel, míaƒe toxɔdu, afi si fiaɖuƒe la ƒe gbedoxɔ le o!”


Azɔ ɖo to nàse gbedeasi sia, si tso Yehowa gbɔ na wò. Ègblɔ be, “ ‘Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋuti o, eye mègagblɔ Mawu ƒe nya tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe ŋu o.’


Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be: “Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o elabena ŋukpe mava mía dzi o.”


“Ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ne ŋutsu aɖe alo nyɔnu aɖe di be yeaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe hekɔ eɖokui ŋu na Yehowa abe Nazaritɔ ene la,


mele nɛ be wòano wain alo nu muame aɖeke alo aha sesẽ si wowɔ tso wain me alo aha si wotsɔ ɖo ƒãe o. Mano waintsetse me tsi alo aɖu waintsetse o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa