Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Amos 2:10 - Agbenya La

10 Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye mena miezɔ gbe dzi ƒe blane, ne miaxɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.

Onani mutuwo Koperani




Amos 2:10
26 Mawu Ofanana  

Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o!


Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ, megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ, eye womenya nye mɔwo o.”


Gbe ma gbe kee Yehowa kplɔ Israelviwo do goe tso Egiptenyigba dzi, le woƒe to vovovoawo me.


“Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.


eya ta meɖi va be maɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe asi me, eye makplɔ wo adzoe le Egiptenyigba dzi, woayi anyigba nyui, gã aɖe dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo la. Anyigba sia dzie Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo le fifia.


Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o.


Eya ta mekplɔ wo dzoe le Egipte yi gbegbe la.


O Israel, se nya si Yehowa gblɔ tso mi ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu ɖa.


Yehowa be, “O Israelviwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa? Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi, Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?”


Elabena nyee kplɔ wò tso Egipte eye meɖe wò tso kluvinyenye me. Medɔ Mose, Aron kple Miriam be woakplɔ mi.


Ale wokaka nutsotso gbegblẽ ɖe Israelviwo dome tso anyigba si dzi wotsa ŋku le la ŋuti. Wogblɔ na ameawo be, “Anyigba si dzi míetsa ŋku le la le edzinɔlawo mim. Ame siwo katã míekpɔ la nye ame dzɔatsuwo.


Israelviwo xɔ Amoritɔwo ƒe duwo katã, eye wonɔ wo me; Hesbon kple kɔƒe siwo ƒo xlãe la hã nɔ eme.


Yehowa na míetsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene va se ɖe esime dzidzime vɔ̃ɖi ma tsrɔ̃ keŋkeŋ.


Ekpɔ wo dzi, kplɔ wo ɖɔɖɔɖɔ le gbedzi ƒe blaene sɔŋ.


Wɔna sia na be Mawu hã ɖe asi le wo ŋu, eye wosubɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo abe ale si woŋlɔ ɖe Nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene. “ ‘Israeltɔwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ mahã?


Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi.


Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o!


le dziehe; Kanaantɔwo ƒe anyigba la katã gali kpe ɖe Ara, si nye Sidontɔwo tɔ heyi keke Afek le Amoritɔwo ƒe liƒo dzi ŋu.


“ ‘Mlɔeba la, mekplɔ mi va Amoritɔwo ƒe anyigba dzi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ. Afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi, ke metsrɔ̃ wo, eye metsɔ woƒe anyigba la na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa